Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 24:51 - Agbenya La

51 Esi wònɔ wo yram la, wokɔe le nusrɔ̃lawo gbɔ heyi dziƒoe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

51 Eye wòva ve me, esime wòle wo yram la, wotee ɖa le wo gbɔ, eye wokɔe yi dziƒo.

Gade chapit la Kopi




Luka 24:51
9 Referans Kwoze  

Le nya siawo gbɔgblɔ vɔ megbe teti ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔe yi dziƒo, esi nusrɔ̃lawo nɔ ekpɔm, eye wòbu ɖe wo le lilikpo la me.


Yesu gblɔ nɛ be, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Yi nɔvinyewo gbɔ ne nàgblɔ na wo be meyina ɖe Fofonye kple miawo hã Fofo, nye Mawu kple miawo hã ƒe Mawu gbɔ.”


Esime wonɔ zɔzɔm, nɔ dze ɖom la, dzotasiaɖam kple sɔwo ɖiɖi va ma wo kple evea dome eye Eliya to ahom la me yi dziƒo.


Eya ta esi nunɔlagã, Mawu Vi Yesu le mía si, ame si yi dziƒo ta la, mina míalé xɔse si me míeʋu la me ɖe asi sesĩe.


Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.


Esi Aƒetɔ Yesu wu nya siawo nu la, wokɔe dzoe yi dziƒo eye wòɖanɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime.


Yesu kplɔ nusrɔ̃lawo do go va se ɖe Betania, eye wòkɔ eƒe asiwo dzi heyra wo.


Le esime wòdzo yina la, nusrɔ̃lawo dze klo, eye wosubɔe. Emegbe wotrɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite