Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 23:53 - Agbenya La

53 Wona mɔe, eye wòɖe Yesu ƒe kukua le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala ɖe eŋu, eye wòtsɔe yi ɖamlɔ yɔdo yeye aɖe si woɖe ɖe agakpe aɖe si le togbɛ aɖe xa la me. Womeɖi ame aɖeke ɖe yɔdo sia me kpɔ o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

53 Eye woɖee ɖe anyi, eye wòxatsa aklala ɖe eŋu, eye wòtsɔe mlɔ yɔdo, si woɖe ɖe kpe gbadza me la me, esi me amea ɖeke memlɔ kpɔ o.

Gade chapit la Kopi




Luka 23:53
7 Referans Kwoze  

Yosef ƒle aklala biɖibiɖi gã aɖe, eye woɖe Yesu ƒe ŋutilã kuku la le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala la ɖe eŋu eye wòkɔe ɖamlɔ yɔdo, si woɖe ɖe agakpe me la me, hemli kpe gã aɖe ɖo yɔdo la nu.


Woɖe yɔdo nɛ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome, eye le eƒe ku me, wòmlɔ kesinɔtɔwo dome; evɔ mewɔ vɔ̃ aɖeke loo alo beble nɔ eƒe nu me o.


Ŋutsu sia yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua.


Ewɔ esia le Fiɖagbe ɣetrɔ le esime amewo nɔ dzadzraɖo wɔm na Dzudzɔgbe ŋkekea ɖuɖu.


Abɔ aɖe te ɖe afi si woklã Yesu ɖe atitsoga ŋu ɖo la ŋu, eye yɔdo yeye aɖe si me womeɖi ame ɖo kpɔ o la li.


Esi nu sia nu va eme pɛpɛpɛ abe ale si woŋlɔe da ɖi le eƒe ku ŋu ene la, woɖe eƒe kukua le atitsoga ŋu heɖii ɖe yɔdo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite