Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 23:51 - Agbenya La

51 ame si melɔ̃ ɖe woƒe aɖaŋudede kple woƒe nuwɔwɔ dzi o la nɔ anyi, etso Yuda du si woyɔna be Arimatia la me, eye wònye ame si le mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

51 (amesia melɔ̃ woƒe adaŋudede kple woƒe nuwɔwɔ dzi o,) etso Arimatia, si nye Yudatɔwo ƒe dua ɖe la, eye wòle mawufiaɖuƒe la lalam;

Gade chapit la Kopi




Luka 23:51
13 Referans Kwoze  

Ke ŋutsu aɖe le Yerusalem si ŋkɔe nye Simeon la hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Ame sia nye ame ɖɔʋu aɖe si vɔ̃a Mawu ŋutɔ, enɔ Israel ƒe akɔfafa lalam eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe le eya amea dzi.


Nyɔnu sia zɔ va do ɖe Maria kple Yosef gbɔ esime Simeon nɔ nu ƒom na wo, eye wode asi akpedada me na Mawu. Azɔ eyi ɖaɖe gbeƒã Kristo la na ame siwo katã nɔ mɔ kpɔm na Yerusalem ƒe ɖeɖe la.


Yosef si tso Arimatia, ame si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo dometɔ ɖeka, si ŋu bubu le la va Yerusalem. Ame sia hã nɔ mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava. Eyi Pilato gbɔ kple dzideƒo hebia be wòaɖe asi le Yesu ƒe kukua ŋu na ye.


Mègaxɔ nugbeɖoɖo si ame siawo le wɔwɔm la o, mègavɔ̃ nu siwo vɔ̃m wole la o, eye womegado ŋɔdzi na wò o.


Yehowa, wò ɖeɖe la ko mele mɔ kpɔm na.


Eyi edzi be, “Yesu ɖo ŋku dzinye le wò fiaɖuƒe la me.”


Vinye, ne nu vɔ̃ wɔlawo le nuwò blem la, mègalɔ̃ na wo o.


Esiae nye Elkana, ŋutsu aɖe si nye Efraimtɔ eye wònɔ Ramataim Zofim le Efraim ƒe to la dzi ƒe ŋutinya. Fofoae nye Yeroham, ame si fofoe nye Elihu, ame si fofoe nye Tohu eye Tohu fofoe nye Zuf ame siwo nye Efraimtɔwo.


“Mègadze amehawo yome le nu vɔ̃ wɔwɔ me o, eye ne woyɔ wò ɖasefoe le nya aɖe me la, mègatrɔ nyateƒe la ƒe ta tu be ne yeadze amehawo ŋu o,


Esi fiẽ ɖo la, kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Yosef, tso Arimatia, ame si trɔ zu Yesu yomedzelawo dometɔ ɖeka la,


Ŋutsu sia yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite