Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 23:13 - Agbenya La

13 Pilato yɔ Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, dumegãwo kple ameha la ƒo ƒui,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye esi Pilato yɔ nunɔlagãwo kple amegãwo kpakple dukɔ la ƒo ƒu la,

Gade chapit la Kopi




Luka 23:13
14 Referans Kwoze  

Pilato biae be, “Nu kae nye nyateƒe la?” Esi Pilato gblɔ nya sia la, egado go ɖagblɔ na Yudatɔwo be, “Nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le ame sia ŋu o.


Pilato bia wo be, “Nu vɔ̃ ka wòwɔ?” Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋu!”


Pilato gado go va xexe, eye wògblɔ na Yudatɔwo be, “Mele ekplɔ ge ado goe na mi, gake minya esia be nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋu o.”


Ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ Yesu kpɔm. Ke Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ wo dome la nɔ fewu ɖum le eŋu. Wogblɔ be, “Ame sia ɖe ame geɖewo, ke mina miakpɔe ɖa be ate ŋu aɖe eya ŋutɔ ɖokui le atia ŋu nenye eyae nye Kristo si nye Mawu ƒe Ame tiatia la vavã.”


Ke nu kae va dzɔ, nunɔlagãwo kple míaƒe agbalẽfialawo lée hetsɔ de asi na Roma dziɖuɖua be woatso kufia nɛ. Ale Roma dziɖuɖua tso kufia nɛ, eye woklãe ɖe ati ŋu.


Azɔ la, ame aɖe si tso Farisitɔwo dome, eye eŋkɔe nye Nikodemo la li. Enye Yudatɔwo ƒe takpekpe gã me nɔla.


Ame lae nye esi le afii le mawunya gblɔm le dutoƒo, gake ame aɖeke mebia nya aɖekee o. Ɖe dumegãwo xɔe se mlɔeba be eyae nye Kristo la?


Ɖe dumegã aɖe alo Farisitɔ aɖe xɔ ame sia dzi sea?


Ke hã la, Yudatɔwo ƒe dumegã geɖewo xɔ Yesu dzi se. Gake ɖe Farisitɔwo ta la, womete ŋu ʋu woƒe xɔse me o; wonɔ vɔvɔ̃m be woanya yewo le gbedoxɔ la me,


“Azɔ nɔviwo, menya be nu si miewɔ ɖe Yesu ŋu la, mienya hafi wɔe o. Nenema kee nye mia nunɔlawo hã.


Esi ŋu ke la, dziɖulawo, amegãwo kple agbalẽfialawo kpe ta le Yerusalem.


Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do ŋusẽ Petro, eye wòɖo eŋu na wo be, “Dziɖulawo kple dumegãwo!


Ame siwo le Yerusalem kple woƒe dumegãwo, esi womedze si ame sia kple nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woxlẽna le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite