Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 21:15 - Agbenya La

15 elabena mana nunya mi, eye made nya siwo katã miagblɔ la nu me na mi, ale be ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe nu siwo miagblɔ la ŋu o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 elabena nye la mana nu kple nunya mi, si ŋuti miaƒe ketɔwo katã mate ŋu atsi tre alo aƒo nu ɖo o.

Gade chapit la Kopi




Luka 21:15
17 Referans Kwoze  

Emegbe Yehowa do eƒe asi ɖa tsɔ tɔ nu nam eye wògblɔ nam be, “Azɔ metsɔ nye nyawo de wò nu me.


Mido gbe ɖa ɖe nye hã tanye be ne mele nu ƒom la, Mawu nade nya nu nam, be maƒo nu dzideƒotɔe ne mele gbeƒã ɖem nyanyui la ƒe nya ɣaɣlawo,


Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ ade nya si tututu miagblɔ la nu na mi ne ɣeyiɣia ɖo.”


Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖu Stefano dzi o, le eƒe nunya kple gbɔgbɔ si le eme la ta.


Ale wòʋu woƒe susuwo be woase mawunya siawo katã gɔme.


Ne ame aɖe hiã nunya la, nebia Mawu, ame si naa nu ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ, eye Mawu anae fɔbubumanɔmee.


elabena Yehowae naa nunya, eye sidzedze kple gɔmesese doa go tso eƒe nu me.


Agripa xɔ nya la le Paulo nu gblɔ be, “Ɖe nèbu be nya sue si nègblɔ le afi sia lae ana be mazu kristotɔ zi ɖeka?”


Ke esi wòɖe nya me na wo le dzɔdzɔenyenye, ɖokuidziɖuɖu kple ʋɔnudɔdrɔ̃ si li gbɔna ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo Felix, eye wògblɔ na Paulo be neyi gbɔ, ne yegakpɔ ɣeyiɣi nyui aɖe la, yeagaɖo ame ɖee.


Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ ame sia ame si le afi ma la me fũu, eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã o la gbɔgblɔ me abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete wo ene.


“Le ŋkeke ma dzi la, ŋusẽ aɖo Israel ƒe aƒe ŋu, eye maʋu wò nu na wò le wo dome. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.”


Azɔ ame siwo nye miawo ŋutɔ ŋutimewo, abe mia dzilawo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo kple xɔlɔ̃ veviwo ene la ade mi asi, eye woana woava lé mi, eye woawu mia dometɔ aɖewo gɔ̃ hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite