Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 20:25 - Agbenya La

25 Egblɔ na wo be, “Ekema mitsɔ nu si nye Kaisaro tɔ la nɛ, eye mitsɔ nu si nye Mawu tɔ la na Mawu!”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye wògblɔ na wo bena: Eyaŋuti mitsɔ nusi nye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu!

Gade chapit la Kopi




Luka 20:25
11 Referans Kwoze  

Nu si ta megblɔ esia ɖo lae nye be ele be miawɔ nu sia nu na Mawu ƒe kafukafu, le miaƒe nuɖuɖu kple nunono gɔ̃ hã me.


Petro kple apostoloawo gblɔ be, “Ele na mí be míawɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi ke menye ɖe amegbetɔ tɔ dzi o.


Yesu yi edzi be, “Nu si nye Kaisaro tɔ la, mitsɔe na Kaisaro. Nu si nye Mawu tɔ la, mitsɔe na Mawu!” Nyaŋuɖoɖo sia na ameawo tɔtɔ, eye womeganya nya si woagblɔ o.


Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.” Yesu gblɔ na wo be, “Enyo, mitsɔ nu sia nu si nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, eye miatsɔ nu sia nu si nye Mawu hã tɔ la na Mawu.”


Gake be míagadze agɔ le wo dzi o ta la, yi ɖe ƒuta, eye nàda ƒu. Lã gbãtɔ si nàɖe la, ke eƒe nu me; àkpɔ ga home aɖe si ade nye kple wò ƒe gadzɔdzɔ la nu. Tsɔe ɖaxe nye kple wò ƒe mawuxɔmenudzɔdzɔ lae.


Vinye, vɔ̃ Yehowa kple fia la eye mègade aglãdzelawo dzi o


Ne ame aɖe le nu ƒom la, neƒoe abe Mawu gbɔ nyawo tso ene. Ne ame aɖe le subɔsubɔm la, newɔe kple ŋusẽ si Mawu nae la katã, ale be le nuwo katã me la, woakafu Mawu to Yesu Kristo dzi. Eya tɔe nye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.


“Mitsɔ kɔba ɖeka nam makpɔ ɖa. Ame ka ƒe tatae nye esia le kɔba sia dzi? Eye ame ka ƒe ŋkɔe le tata la te?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro si nye Roma duwo katã dzi ɖula ƒe tatae.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite