Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 2:29 - Agbenya La

29 “Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, azɔ àte ŋu ado mɔ wò dɔla le ŋutifafa me, elabena mekpɔe abe ale si nèdo ŋugbee nam la ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Aƒetɔ, azɔ èɖo mɔ wò dɔla le ŋutifafa me le wò nya la nu;

Gade chapit la Kopi




Luka 2:29
9 Referans Kwoze  

Ke mese gbe aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ agbalẽ be: Woayra ame siwo ku le Aƒetɔ la me tso azɔ dzi heyina.” “Ɛ̃,” Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm be, “Woadzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔwo me, elabena woƒe nuwɔnawo adze wo yome.”


Wò la, àku le ŋutifafa me, ne ètsi xɔ ƒe geɖe.


Ewɔna nam ɣe aɖewo ɣi be manɔ agbe, gake le ɣe bubu ɣiwo la, edzroam be maku, elabena medi vevie be mayi aɖanɔ Kristo gbɔ. O, adzɔ dzi nam sãa wu be manɔ kodzogbe afi sia!


Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖee fiae be maku akpɔ o, va se ɖe esime wòkpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo.


Bu ame maɖifɔ la ŋu, eye nàlé ŋku ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu, elabena ŋgɔgbe li na ŋutifafamewo katã.


Israel gblɔ na Yosef be, “Azɔ la, mate ŋu aku faa, elabena megakpɔ wò agbagbee.”


Simeon nɔ afi ma xoxo, eye wòxɔ ɖevi la ɖe eƒe abɔwo me henɔ Mawu kafum gblɔ be,


Wodo ɣli kple gbe sesẽ be, “Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigbadzitɔwo, eye nàbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite