Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 19:4 - Agbenya La

4 Le esia ta eƒu du dze wo ŋgɔ, yi ɖalia ati kɔkɔ aɖe si le mɔa to, be yeakpɔe tso afi ma.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wòƒu du dze ŋgɔ ɖaha gbotia ɖe dzi, be yeakpɔe, elabena egbɔna afima to ge.

Gade chapit la Kopi




Luka 19:4
11 Referans Kwoze  

“Anyikpewo mu dze anyi, gake míagbugbɔ wo atu kple kpe tɔxɛwo; wotso gbotiwo ƒu anyi, ke míado sedatiwo ɖe wo teƒe”,


gake womete ŋui o le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta. Le esia ta wolia xɔa, eye woɖe do ɖe etame, heɖiɖi lãmetututɔ la kple eƒe aba ɖe Yesu kɔme tututu.


Baal Hanan tso Gedera kpɔa fia la ƒe amiti kple gboti siwo le gbadzaƒe si do liƒo kple Filistitɔwo ƒe anyigba dzi eye Yoas kpɔa ami si ŋu dɔ wowɔna la dzi.


Fia la na klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene.


Amos ɖo eŋu ɖo ɖe Amazia be, “Menye nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae menye o. Nyemetso nyagblɔɖilawo ƒe ƒome me o. Nye la, lãnyila kple atikutsetsewo fɔla ko menye,


Egblẽ woƒe waingblewo kple kpetsi, eye woƒe gbotiwo kple tsidzadza sesẽ.


Le Fia Solomo ƒe fiaɖuɣi la, klosalo kple sika bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene.


Ena klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene.


Egblɔ na wo be, “Nenye be xɔse le mia si lolo abe kutsetse suetɔ kekeake ene la, ate ŋu ana be miaɖe gbe na ati gã sia be, ‘Ho ɖokuiwò yi ɖado ɖe ƒu me,’ eye wòawɔ miaƒe gbe dzi.


Ame sia di be yeakpɔ Yesu, gake mete ŋui o, esi wònye ame kpui ta eye amehawo hã ƒo xlãe.


Esi Yesu va ɖo atia te la, ewu mo dzi kpɔ Zaxeo le atia me. Eyɔ eŋkɔ be, “Zaxeo, ɖi kaba! Elabena madze aƒewò me egbe.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite