Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 19:14 - Agbenya La

14 “Gake eteviwo lé fui, eye wodɔ amewo ɖo ɖe eyome gblɔ be, ‘Míele ame sia dim be wòaɖu fia ɖe mía dzi o.’

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke eƒe dumetɔwo lé fui, eye wodɔ ame ɖe eyome gblɔ bena: Mielɔ̃ bena, amesia naɖu fia ɖe mia dzi o.

Gade chapit la Kopi




Luka 19:14
15 Referans Kwoze  

Yehowa gblɔ na Samuel be, “Wɔ nu si wobia tso asiwò la na wo elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe abe woƒe fia ene.


“Ne xexe sia me tɔwo lé fu mi la, minyae be wolé fum gbã.


Azɔ le nye futɔ siwo tsi tsitre ɖe ŋunye, eye womedi be maɖu fia ɖe yewo dzi o la, mikplɔ wo va ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’ ”


Eva eya ŋutɔ tɔwo gbɔ, gake eya ŋutɔ ƒe amewo mexɔe o.


Le ɣleti ɖeka me la, meɖe alẽkplɔla etɔ̃ katã ɖa. Alẽha la lé fum, eye woƒe nu ti kɔ nam.


Ale Yehowa, Ɖela kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔ na dziɖulawo ƒe dɔla be, “Fiawo akpɔ wò, eye woatso anɔ tsitre. Fiaviwo akpɔ wò, eye woade ta agu na Yehowa nuteƒewɔla, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ame si tia wò la ta.”


Nenye be wòkpɔe be yeƒe asrafowo mate ŋu aɖu dzi o la, adɔ ame ɖo ɖe futɔwo gbɔ be yeawɔ ŋutifafa kple wo hafi woava ɖo eƒe du gbɔ.


Hafi wòadzo la, eyɔ eƒe dɔlawo dometɔ ewo ƒo ƒui, eye wòtsɔ ga sidi akpe eve na wo dometɔ ɖe sia ɖe eye wògblɔ na wo be, ‘Mitsɔ ga sia nɔ asi tsamii hafi magbɔ.’


“Togbɔ be ele alea hã la, woɖoe fiae eye wòtrɔ gbɔ va aƒe. Tete wòdɔ be woayɔ yeƒe subɔla siwo wòtsɔ ga na la be yeakpɔe ɖa be wowɔ ga la ŋu dɔ kpɔ viɖe aɖe mahã.


Ame si di be yeafɔ ŋuti la tsɔa nu lénɛ, ƒoa ƒui, tɔa dzoe le afi si wòƒo ƒui ɖo.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite