Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 17:3 - Agbenya La

3 Eya ta minɔ ŋudzɔ. “Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ la, ka mo nɛ, eye ne etrɔ le eƒe dzi me la, tsɔe kee.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Mikpɔ mia ɖokui dzi! Ne nɔviwò wo nuvɔ̃ la, ka ŋku me nɛ; eye ne etrɔ le eƒe dzi me la, tsɔe kee.

Gade chapit la Kopi




Luka 17:3
18 Referans Kwoze  

“ ‘Mègalé fu nɔviwò o. Ka mo na ame si wɔ nu vɔ̃. Ne ègbe mokaka nɛ la, wò hã èwɔ nu vɔ̃ abe eya ke ene.


Azɔ Petro te ɖe eŋu, eye wòbiae be, “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye ada vo ɖe ŋutinye, eye matsɔe akee? Zi adrea?”


Mègaka mo na fewuɖula o, ne menye nenema o la, alé fu wò; ke boŋ ka mo na nunyala eye alɔ̃ wò nya.


Nɔvinye lɔlɔ̃awo, ne mia dometɔ aɖe tra tso nyateƒe la gbɔ, eye ame aɖe kplɔe gbɔe la,


Mokaname le ame dome nyo wu lɔlɔ̃ si woɣla.


Mikpɔ nyuie be miagagblẽ nubabla si Yehowa, miaƒe Mawu wɔ kpli mi la me o! Miagblẽ nubabla sia me ne miewɔ legbawo, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la de se sesẽ ɖe nu sia nu.


Ke ɖeko miakpɔ nyuie, akpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miagaŋlɔ nu siwo miaƒe ŋkuwo kpɔ alo ana woado le miaƒe dzi me zi ale si miele agbe o. Mifia wo mia viwo kple wo vi siwo ava ɖe wo yome.


Kpɔ nyuie be màbla nu kple ame siwo le anyigba si dzi yim miele la gbeɖegbeɖe o, elabena ne miebla nu kpli wo la, miade asi woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ me kaba.


Mikpɔ nyuie be nu si ŋu miedze agbagba le la nagage le mia si o, ke boŋ miaxɔ fetu si de blibo.


Mikpɔ egbɔ be Mawu ƒe amenuveve metsi ame aɖeke nu o, eye mikpɔ nyuie be gbe vɔ̃ aɖeke meto ke ɖe mia dome esi ava zu aɖi vɔ̃ɖi anɔ fu ɖem na ame geɖewo ahaƒo ɖi wo o.


Eya ta mikpɔ nyuie be miaganɔ agbe abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene,


“Mikpɔ nyuie be nutsuɖuɖu, ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe agbemenyawo ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkekea naɖi ɖe mi abe ale si mɔ ɖea ame ene o.


Mokaname dea ta me na ame si si sidzedze le wu nu si ƒoƒo alafa ɖeka nye na bometsila.


Na ame dzɔdzɔe naƒom, enye dɔmenyo wòwɔ nam, na wòaka mo nam, enye ami wòsi ɖe ta nam. Nye ta magbe exɔxɔ o. Gake nye gbedodoɖa tsia tsitre ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe wɔnawo ŋu ɖaa,


“Miekpɔ nɔnɔme aɖeke tɔgbi gbe si gbe Yehowa ƒo nu na mi le Horeb tso dzo la me o, eya ta mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite