Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 16:23 - Agbenya La

23 Eƒe luʋɔ yi ɖe dzomavɔ me. Esi wònɔ fu kpem le afi ma la, ekpɔ Lazaro ɖaa le Abraham gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye le tsieƒe, esi wòle fukpekpe me la, ewu eƒe mo dzi, eye wòkpɔ Abraham ɖa ʋĩ, eye Lazaro le eƒe akɔnu.

Gade chapit la Kopi




Luka 16:23
26 Referans Kwoze  

Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na mawudɔlawo esi wowɔ nu vɔ̃ o, ke boŋ eɖo wo ɖe dzomavɔ me, hede ga wo ɖe ʋe globo doviviti me, be woanɔ afi ma va se ɖe ʋɔnudrɔ̃gbe;


elabena nɔviŋutsu atɔ̃ bubuwo gale megbea be wòagbe nya na wo tso agbe si ƒomevi wole la ŋu be ne woawo hã va ku la, womava dzomavɔ sia me o.’


“Mi dawo! Dawo ƒe dzidzimeviwo! Aleke miawɔ asi le dzomavɔʋe ƒe fɔbubu nu?


Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le eƒe to me ƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple ŋku ɖeka tsɔ wu be ŋku eve nanɔ asiwò, eye nàyi dzomavɔ me.


Ame vɔ̃ɖiwo gbugbɔ yi yɔ me, nenema kee nye dukɔ siwo ŋlɔ Mawu be.


Wokɔ Abosam, ame si ble wo la ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me, afi si wotsɔ lã wɔadã la kple aʋatsonyagbɔɖila la hã ƒu gbe ɖo la. Woawɔ funyafunya wo zã kple keli tso mavɔ me yi mavɔ me.


Esi wòkpɔ Yesu teti ko la, etsɔ eɖokui xlã ɖe anyigba le eŋgɔ henɔ ɣli dom be, “Nu ka dim nèle le gbɔnye, wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Meɖe kuku na wò, mègawɔ funyafunyam o!”


Nenye wò ŋku ɖusimetɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe ne nàtsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.


Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la, woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la, ayi dzomavɔʋe la me.


Ke wohe wò ƒu gbe ɖe yɔ me, ɖe tsiẽƒe ƒe gogloƒe ke.


Tsĩeƒe le dzadzraɖo wɔm be woado go wò ne èva. Ènyɔ ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo be woado go wò, ame siwo nye dziɖulawo le xexe sia me kpɔ. Èna ame siwo ɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi kpɔla tso le woƒe fiazikpuiwo dzi.


O, ku, afi ka wò dziɖuɖu la le? O, ku afi ka wò ti la le?


Eye mi Kapernaumtɔwo, ɖe woade bubu mia ŋuti le dziƒoa? Gbeɖe, woaɖo mi ɖe dzomavɔʋe la me, elabena ɖe wowɔ nukunu klitsu siwo wowɔ le mewò le Sodom la, ne womatsrɔ̃ dua o, ke boŋ anɔ anyi va se ɖe egbe.


Esi wokpɔ Yesu la, wode asi ɣlidodo me be, “Nu ka dim wò Mawu ƒe Vi nèle le mía gbɔ? Ɖe nèva be yeawɔ fu mí hafi ɣeyiɣi la naɖoa?”


Nunyalawo ƒe agbemɔ ɖo ta dzi, be wòakpe ɖe eŋu magaɖiɖi ayi ɖe tsiẽƒe o.


Ke womenya gɔ̃ hã be ame kukuwo le afi ma o eye eƒe ame kpekpewo le yɔdo ƒe gogloƒe ke o.


Eƒe aƒe nye tsiẽƒe ƒe mɔ gbadza siwo ɖo ta ku ƒe xɔgãwo me.


Eƒe afɔ yina ɖe tsĩeƒe ke eye eƒe afɔɖeɖewo yina ɖe yɔdo me tẽe


elabena wò lɔlɔ̃ nam lolo ŋutɔ, eye nèɖem tso keke tsiẽƒe ʋĩi ke.


Ke Mawu aɖe nye agbe tso ku me, eye wòaxɔm ɖe eɖokui gbɔ. Sela


elabena màgblẽm ɖi na yɔdo alo ana wò, Kɔkɔetɔ la, nàkpɔ gbegblẽ o.


Edo ɣli sesĩe be, ‘Fofo Abraham, kpɔ nye nublanui! Dɔ Lazaro ɖa be wòade eƒe asibidɛ tsi me atsɔ age ɖe nye aɖe dzi be nye dzi nafa vie, elabena nye ve me ƒu kplakplakpla le dzo gã sia me.’


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite