Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 15:15 - Agbenya La

15 Eya ta eɖe kuku na agbledela aɖe be wòaxɔ ye yeanɔ eƒe hawo dzi kpɔm nɛ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye wòyi ɖatsɔ eɖokui lé ɖe anyigba ma ƒe dumetɔa ɖe ŋu, eye wòdɔe ɖe eƒe abɔ me, be wòanyi hawo.

Gade chapit la Kopi




Luka 15:15
27 Referans Kwoze  

Míawo hã míenye abunɛtɔwo kpɔ, eye míegbe toɖoɖo. Ame bubuwo ble mí, eye míezu kluviwo na ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo kple fieŋufieŋu vɔ̃ɖiwo. Havimalɔmalɔ̃ kple ŋuʋaʋã xɔ mía me keŋ. Míelé fu amewo, eye woawo hã lé fu mí.


Nu ka ta miedi be woanɔ mia ƒoƒo dzi? Nu ka ta miegale aglãdzedze dzi? Miaƒe ta katã xɔ abi, eye miaƒe dzi katã hã xɔ abi.


“Esia ta nye hã meɖi gbɔ̃ mi le amewo ƒe ŋkume elabena mieɖo tom o eye miekpɔ ame ŋkume le seawo ŋu dɔ wɔwɔ me.”


O Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? ȃo wo gake womese veve o, ègbã wo nyanyanya gake womese veve o, ègbã wo nyanyanya gake wogbe ɖɔɖɔɖowɔwɔ. Wowɔ woƒe mo wòsẽ wu kpe eye wogbe dzimetɔtrɔ.


Ke azɔ esi woxɔ mi tso nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu Mawu ƒe kluviwo la, miekpɔa viɖe hena kɔkɔenyenye; ke nuwuwu la nye agbe mavɔ.


“Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ɖevi suetɔ ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu eye wòdzo yi du didi aɖe me. Egblẽ eƒe ga katã le afi ma le agbe baɖabaɖa kple agbe kɔkɔ ɖuɖu me.


Malɔ gbeɖuɖɔ akɔ ɖe dziwò, ado ŋunyɔ wò, eye nàzu nukpɔkpɔ na dukɔwo.


Ekema ne metsɔ nu vɔ̃ siwo katã nèwɔ ke wò la, àɖo ŋku edzi, eye ŋu akpe wò, màgake nu azɔ o le wò ŋukpe ta.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”


Eya ta de ta wò ŋukpe te, elabena ètso afia na nɔviwò nyɔnuawo. Esi wò nu vɔ̃wo vɔ̃ɖi wu woawo tɔ ta la, wodze ame dzɔdzɔewo wu wò.


Nye dɔmedzoe fla le eƒe ŋubiabiã ƒe nu vɔ̃ ta. Mehe to nɛ, eye meɣla nye ŋkume ɖee le dziku me, ke hã la, egayi eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ dzi.


Fia Ahaz ŋlɔ Mawu be le eƒe xaxaɣi sia me.


Ale Mose kple Aron wogayi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la le biabiam be, ‘Zi neni nàgbe toɖoɖom? Ɖe asi le nye amewo ŋu ale be woate ŋu ayi aɖasubɔm.


“Migatsɔ miaƒe nu kɔkɔewo na avuwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo ƒu gbe na hawo o. Ne menye nenema o la, woanya avuzi le wo dzi, atrɔ ɖe mia ŋu, eye woavuvu mi.


Esime ga vɔ le esi teti ko la, dɔ dziŋɔ aɖe to le anyigba ma dzi, ale dɔ de asi ewuwu me.


Dɔ wu ɖekakpui sia ale gbegbe be nu siwo hawo ɖuna la dzroe be wòaɖu, elabena mekpɔa naneke ɖuna o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite