Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 14:3 - Agbenya La

3 Ke Yesu bia Farisitɔ kple senyala siwo nɔ tsitre ɖe afi ma be, “Ele se nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkekea dzia?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Yesu xa dzi gblo na sefialawo kple farisitɔwo bena: Woɖe mo be, woada gbe le Sabat dzi loo, alo womeɖe mɔ o mahã? Ke woawo la wozi kpi.

Gade chapit la Kopi




Luka 14:3
10 Referans Kwoze  

eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma. Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae enumake be, “Ele se la nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzia?” Wonɔ mɔ kpɔm be aɖo eŋu be “Ɛ̃,” ne yewoatsɔ nya ɖe eŋu.


Azɔ Yesu trɔ ɖe Farisitɔwo kple agbalẽfialawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Biabia aɖe le asinye na mi. Ɖe woɖe mɔ be woawɔ nyui le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi loo alo woawɔ vɔ̃a? Enyo be woaxɔ ame ɖe agbe loo alo woawuia?”


Etrɔ ɖe wo gbɔ hebia wo be, “Enyo be woawɔ dɔmenyo le Dzudzɔgbe ŋkekewo dzia? Alo enye ŋkeke si dzi woawɔ nu nyui loo alo vɔ̃?” Ameawo katã zi kpi, eye womeɖo biabia siawo ƒe ɖeke ŋu nɛ o.


Azɔ la, nenye be woate ŋu atso aʋa na ɖevi le Dzudzɔgbe dzi ale be womada le Mose ƒe se dzi o la, nu ka ta miele dɔmedzoe dom ɖe ŋunye be meda gbe le ameti blibo la ŋu le Dzudzɔgbe dzi?


eye wo dometɔ ɖeka, ame si nye sefiala gã aɖe la tee kpɔ hebiae be,


Farisitɔ aɖewo kpɔ wo, eye wohe nya ɖe Yesu ŋu gblɔ be, “Wò nusrɔ̃lawo wɔ nu siwo mele se nu o la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi.”


Afi ma ŋutsu aɖe si nɔ tetedɔ lém la dze ŋgɔe.


Womeɖo biabia la ŋu nɛ o, ale Yesu lé dɔnɔa ƒe alɔnu, eye wòda gbe le eŋu. Emegbe la, eɖe mɔ nɛ wòdzo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite