Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 13:6 - Agbenya La

6 Azɔ Yesu yi dzi do lo sia be, “Ŋutsu aɖe do kutsetseti aɖe ɖe eƒe abɔ me, eye wòvaa atia te edziedzi be yeakpɔ be etse ku aɖe mahã, gake mekpɔa kutsetse aɖeke le edzi o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye wòdo lo sia bena: Amea ɖe do gboti ɖe eƒe weingble me, eye wòva ɖi kutsetsewo le edzi, eye mekpe ɖeke o.

Gade chapit la Kopi




Luka 13:6
14 Referans Kwoze  

Menye miawoe tiam o, ke boŋ nyee tia mi, eye ɖe metia mi be miayi aɖatse ku, kutsetse siwo anɔ anyi ɖaa. Eye Fofo la ana nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la mi.


Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ,


Medo wò abe wainti nyuitɔ si tso wainka vavã siwo tsena nyuie la dometɔ ɖeka ene. Ke nu ka ta nèwɔ ɖe ŋutinye alea hezu abe wainka si mie le eɖokui si la ene?


Menye ɖe mele nunana aɖeke dim tso mia gbɔ o, ke boŋ mele didim be nu nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi.


Yehowa be, “Maxɔ nuku siwo woxa la le wo si. Wainkawo agbe tsetse, gbo matse ɖe gbotiwo dzi o eye woƒe aŋgbawo ayrɔ. Nu si matsɔ na wo la woaxɔ wo le wo si.”


Woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fiá atiwo ƒe kewo dzi. Ɛ̃, le nyateƒe me la, ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe ƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me.”


Gbeɖe, menye woawoe o. Miawo hã miatsrɔ̃ nenye be miegbe be yewomatrɔ dzi me o.”


“Ke gboti ɖo eŋu na wo be, ‘Ɖe madzudzɔ nye ku vivi ŋanɛwo tsetse be maɖu fia ɖe atiwo dzia?’


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite