Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 12:11 - Agbenya La

11 “Nenye be wokplɔ mi va ƒuƒoƒedzikpɔlawo kple amegãwo ŋkume be yewoadrɔ̃ ʋɔnu mi la, migatsi dzi le nu si miagblɔ la alo atsɔ aɖe mia ɖokui nu ŋu o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye ne wokplɔ mi yi ɖe ƒuƒoƒewo kple dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo ƒe ŋku me la, migatsi dzimaɖi be, aleke miawɔ alo nuka tsɔ ge míala aɖe mia ɖokui nu alo agblɔ o;

Gade chapit la Kopi




Luka 12:11
14 Referans Kwoze  

Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, “Le esia ta la, mele egblɔm na mi be, migatsi dzi le nu si miaɖu hena agbenɔnɔ alo nudodo siwo miaƒe ŋutilã hiã ŋu o,


Eya ta mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple nufiala siwo me Gbɔgbɔ la yɔ fũu la hã ɖom ɖe mi, ke miawo la, miawu wo dometɔ aɖewo alo aklã wo ɖe atitsoga ŋu, miaƒo ɖewo le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati geɖewo hã ƒe agbe yome tso afii yi afi mɛ.


Azɔ la, yii, elabena makpe ɖe ŋuwò be nàƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si nàgblɔ la na wò.”


“Eya ta mele egblɔm na mi be, migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nudodo oa?


Mia dometɔ kae ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu?


“Ekema nu ka ŋuti mietsia dzi ɖe nutata ŋu ɖo? Mikpɔ ale si dzogbenyawo le gbedzi tsinae ɖa. Womewɔa dɔ alo trea ɖeti o.


Eya ta migatsi dzi anɔ biabiam be, ‘Nu ka míaɖu?’ alo ‘Nu ka miano?’ alo, ‘Nu ka míata?’ o.


Eya ta migatsi dzi ɖe etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la atsi dzi ɖe eɖokui ŋu elabena kuxi sɔ gbɔ le ŋkeke sia ŋkeke me xoxo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite