Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 11:26 - Agbenya La

26 Eyina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wui la wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Tete la wòdzo heyi ɖatsɔ gbɔgbɔ bubu adre, siwo vɔ̃ɖi wu ye ŋutɔ hekpe ɖe eɖokui ŋuti, eye woyi ɖe eme, eye wonɔ afima, eye amesia ƒe anyinɔnɔ mlɔetɔ va vɔ̃ɖi wu gbãtɔ.

Gade chapit la Kopi




Luka 11:26
11 Referans Kwoze  

Emegbe la, Yesu ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, eya ta dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ne menye nenema o la, nu si adzɔ ɖe dziwò la avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.”


Ekema gbɔgbɔ vɔ̃ la yina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wui la kpena ɖe eɖokui ŋu, wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã. Alea tututu wòanɔ na dzidzime vɔ̃ɖi siae.”


Ne ame aɖe kpɔ be ye nɔvi wɔ nu vɔ̃ si ƒe fetu menye ku o la, nedo gbe ɖa, ale be Mawu naxɔe ɖe agbe. Mele esia gblɔm ku ɖe ame siwo ƒe nu vɔ̃ mehea ku vanɛ o la ŋuti. Nu vɔ̃ aɖe li si hea ame yia ku me, menye nu vɔ̃ sia tɔgbe ƒe nya gblɔm mele o.


kple ame siwo trɔ le Yehowa yome, eye womedinɛ alo biaa eta sena o la siaa ŋu.”


“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietsana le anyigba dzi kple atsiaƒuwo dzi, ɛ̃, afi sia afi ko be miawɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ le xɔse me, eye ne ezui la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔmevi zi gbɔ zi eve wu miawo ŋutɔ.


Ne wòkpɔ be wokplɔ yeƒe nɔƒe xoxo la wòle dzadzɛe, eye nu sia nu le ɖoɖo nu.


Esi Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, nyɔnu aɖe si nɔ ameawo dome la do ɣli be, “Mawu neyra dawò, ƒodo si me nèmlɔ kple no si nèno.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite