Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 10:34 - Agbenya La

34 Etɔ, dze klo ɖe egbɔ, eye wòklɔ eƒe abiawo hetsɔ ami kple wain ɖo wo me hebla abiawo. Emegbe ekɔe da ɖe eƒe tedzi dzi, eye wòkplɔe ɖɔɖɔɖɔ va ɖo amedzrodzeƒe aɖe, eye wònɔ egbɔ zã bliboa.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 eye esi wòva egbɔ la, etsɔ ami kple wein hekɔ ɖe eƒe abiawo me, eye wòbia wo, eye esi wòtsɔe ɖo ye ŋutɔ ƒe lã dzi la, ekplɔe yi amedzrodzeƒe, eye wòkpɔ edzi.

Gade chapit la Kopi




Luka 10:34
14 Referans Kwoze  

Le hlɔ̃biabia teƒe la, ne dɔ le wò futɔ wum la, na nuɖuɖui. Ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano. Ekema àna ŋu nakpee le nu si wòwɔ ɖe ŋuwò la ta.


Eda gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye wòbla woƒe abiwo na wo.


Mikpɔ egbɔ be ame aɖeke metsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe o, ke boŋ midze agbagba be ɣe sia ɣi la, mianyo dɔ me na mia nɔewo kple ame bubu ɖe sia ɖe.


ale wòdzi ŋutsuvi si nye via gbãtɔ. Exatsa ɖevi la ɖe abadzivɔ me, eye wòkɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me, elabena womekpɔ dzeƒe le amedzrodzeƒe si le kɔƒea me la o.


“Nyɔnu sia wɔ nu si wòate ŋui la nam. Esi ami na nye ŋutilã, si ɖi ge wole le ŋkeke kpui aɖewo megbe la do ŋgɔ.


Esi Mose kple srɔ̃a kpakple wo viwo nɔ mɔa zɔm la, wotsi teƒe aɖe dɔ. Yehowa ɖe eɖokui fia Mose, eye wòdo ŋɔdzi nɛ be yeawui.


Ke esi wotɔ ɖe afi aɖe, eye wo dometɔ ɖeka ʋu eƒe kotoku be yeaɖe blia ƒe ɖe na tedziawo la, ekpɔ eƒe ga le eƒe kotokua me!


Gake Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o hã va yina, eye esi wòkpɔ amea la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ.


Esi ŋu ke la, Samariatɔ la tsɔ ga home si hiã la na amedzrodzeƒedzikpɔla be wòatsɔ akpɔ amea dzii. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Nenye be nu si miegblẽ ɖe eta sɔ gbɔ wu ga home si metsɔ na mi la, mava xe fea mamlɛa nenye be megatrɔ va afii.’ ”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite