Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 10:10 - Agbenya La

10 “Ne womexɔ mi le du aɖe me o la, mige ɖe dua ƒe ablɔwo dzi ne miagblɔ be,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke du, si ke me miege ɖo, eye womexɔ mi o la, miyi ɖe eƒe ablɔwo me, eye migblɔ bena:

Gade chapit la Kopi




Luka 10:10
7 Referans Kwoze  

Ke le ale si Yudatɔwo tsi tsitre ɖe Paulo ŋu sesĩe, eye gawu la, wonɔ busunyawo gblɔm ta la, Paulo ɖe asi le woƒe nya me, eye wògblɔ na wo be, “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la, magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o.”


Ke woawo hã ʋuʋu woƒe afɔkewo ɖe anyi abe dzidzɔmakpɔmakpɔ ƒe dzesi ene, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ la dzi ɖo ta Ikonio.


Ne du aɖe me tɔwo alo aƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi o, eye womeɖo to mi o la, miʋuʋu miaƒe afɔke ɖe teƒea ne miadzo.


Nenye be amewo mexɔ mi le du aɖe me o la, midzo le dua me. Ke ne miedzo yina la, miʋuʋu ke si le miaƒe afɔwo ŋuti la ɖi hena ɖaseɖiɖi le dua ŋuti.


Ne woɖo to wò alo womeɖo to wò o hã la, ame dzeaglãwo wonye, ke woanya be nyagblɔɖila nɔ yewo dome.


Mida gbe le dɔnɔ siwo le afi ma la ŋu, eye miɖe gbeƒã na wo be, ‘Mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome vɔ azɔ.’


‘Míeʋuʋu miaƒe du ƒe ke si lé ɖe afɔwo ŋuti na mí ɖi abe ɖaseɖiɖi ene. Ke minya nyuie be: mawufiaɖuƒe la gogo.’


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite