Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 1:74 - Agbenya La

74 be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me, ne míasubɔe vɔvɔ̃manɔmetɔe

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

74 be esi wòɖe mi tso miaƒe futɔwo si me la, wòana miasubɔe kple mavɔ̃mavɔ̃

Gade chapit la Kopi




Luka 1:74
21 Referans Kwoze  

elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ wòna mi.


ekema Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vanɛ la me wu, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la.


Mègavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dziwò la o. Abosam ade mia dometɔ aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi kpɔ. Woati mia yome ŋkeke ewo si nye ɣeyiɣi kpui aɖe. Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi va se ɖe ku me gɔ̃ hã, eye mana agbefiakuku wò.


eye wòɖe ga ame siwo zu kluviwo to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbemeŋkekewo katã me.


Elabena Gbɔgbɔ si miexɔ la mewɔ mi mienye kluviwo, be miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke boŋ Gbɔgbɔ si miexɔ la na vinyenye ƒe ŋusẽ mi, esime míedo ɣli be, “Abba, Fofo.”


be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo kple ame siwo lé fu mí la ƒe asi me,


Ke Yehowa aɖe Israel kple ɖeɖe mavɔ. Màɖu ŋukpe alo akpɔ vlododo yi ɖe mavɔ me o,


Ke azɔ esi woxɔ mi tso nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu Mawu ƒe kluviwo la, miekpɔa viɖe hena kɔkɔenyenye; ke nuwuwu la nye agbe mavɔ.


Ɖem tso amewo ƒe teteɖeanyi me, be mawɔ ɖe wò ɖoɖowo dzi.


ame siwo mewɔ na ɖokuinye be woaɖe gbeƒã nye kafukafu.


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Nutsitsidɔ siwo miewɔna le ɣleti enelia, atɔ̃lia, adrelia kple ewolia me la, anye dzidzɔ kple aseyetsotso ƒe azãwo na Yuda, eya ta milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa.”


kple atam si wòka na mía fofo Abraham la dzi


le eŋkume le kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenye me le míaƒe ŋkekewo katã me.


Ele be miasubɔ Yehowa ɖeɖe ko; eyae aɖe mi tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite