Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 1:71 - Agbenya La

71 be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo kple ame siwo lé fu mí la ƒe asi me,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

71 Ɖeɖe tso miaƒe futɔwo kple amesiwo katã léa fu mi la, ƒe asi me;

Gade chapit la Kopi




Luka 1:71
19 Referans Kwoze  

Eɖe wo tso futɔ la ƒe asi me, eye ketɔ la ƒe asimee wòxɔ wo le.


Le eƒe ŋkekewo me la, woaɖe Yuda eye Israel anɔ anyi le dedinɔnɔ me. Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ: Yehowa, Míaƒe Dzɔdzɔenyenye.


Woayra wò, Israel, ŋutɔŋutɔ! Ame bubu kae gakpɔ ɖeɖe tso Yehowa gbɔ? Wò akpoxɔnu kple kpeɖeŋutɔe! Eyae nye wò yi ɖaɖɛ la. Wò futɔwo ade ta agu le ŋgɔwò eye nànya avuzi le wo dzi!”


Dukɔwo magaha wo azɔ o, eye lã wɔadãwo magavuvu wo o. Woanɔ anyi le dedinɔnɔ me, eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo o.


be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me, ne míasubɔe vɔvɔ̃manɔmetɔe


“Le nyateƒe me la, maƒo wo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ la me. Matrɔ wo agbɔe va teƒe sia eye mana woanɔ anyi le dedinɔnɔ me.


“ ‘Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi, ale be woanɔ gbegbe, eye woadɔ alɔ̃ le avewo me le dedinɔnɔ me.


Ame si wɔa nu vɔ̃ la, enye Abosam ƒe ame, elabena Abosam le nu vɔ̃ wɔm tso gɔmedzedzea me ke. Nu si ta Mawu ƒe Vi la va ɖo lae nye be wòagblẽ Abosam ƒe nuwɔwɔwo.


Le ŋkeke geɖewo megbe la, woabia tso asiwò be, nàbla akpa hena aʋawɔwɔ. Le ƒe siwo gbɔna me la, àho aʋa ɖe anyigba aɖe si vo tso aʋawɔwɔ me la ŋu, woƒo eƒe amewo nu ƒu tso dukɔ geɖewo me ɖe Israel ƒe to siwo nye gbegbe ɣeyiɣi didi aɖe la dzi. Woɖe wo tso dukɔwo me, eye azɔ la, wo katã wole dedie.


Woanɔ dedie le afi ma, woatu xɔwo, eye woade waingble, woanɔ dedie ne mehe to na ame siwo katã ƒo xlã wo, eye wodoa vlo wo. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.’ ”


O! Yehowa, míaƒe Mawu, ɖe mí, eye nàƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome, be míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye míaƒo adegbe le wò kafukafu ŋu.


“Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, elabena eva, eye wòɖe eƒe dukɔ.


Ele be miasubɔ Yehowa ɖeɖe ko; eyae aɖe mi tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite