Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 1:45 - Agbenya La

45 Èxɔe se be Mawu awɔ ɖe ale si wògblɔ la dzi, esia tae wòyra wò alea gbegbe ɖo.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Eye Woayra wò, amesi xɔe se, elabena woawu nusiwo wogblɔ na wò tso Aƒetɔ gbɔ la nu.

Gade chapit la Kopi




Luka 1:45
9 Referans Kwoze  

Yesu gblɔ nɛ be, “Esi nèkpɔm la, èxɔe se, ke woayra ame siwo mekpɔm o, gake woxɔ dzinye se.”


Yesu gblɔ be, “Nyemegblɔ na wò be, ne èxɔ dzinye se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?”


gake esi mèxɔ dzinye se o ta la, wò aɖe atu, eye màgate ŋu aƒo nu o, va se ɖe esime woadzi ɖevi sia. Elabena woŋlɔ ɖi be nye nyawo ava eme pɛpɛpɛ nenye be ɣeyiɣi la ɖo.”


Yuda ƒe aʋakɔ la ho ŋdi kanyaa yi Tekoa gbegbe. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, Yehosafat tɔ ameawo eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Yuda kple Yerusalemtɔwo. Mixɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se ekema miaɖu dzi! Mixɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se ekema nu sia nu adze edzi na mi!”


Esi nèva do gbe nam teti ko la, vinye la ʋã le dɔ me nam le dzidzɔ ta.


Elabena ekpɔ nye, eƒe subɔla sia ƒe ame gblɔe nyenye, eye tso azɔ dzi yina la, woayɔm be Mawu ƒe ame yayra tso dzidzime yi dzidzime.


Elabena wɔ mevɔ le wɔze la me eye ami hã mevɔ le amigoe la me o le nya si Yehowa gblɔ to Eliya dzi la nu.


Nyɔnu la wɔ nu si nyagblɔɖila la ɖo nɛ. Via ŋutsuwo tsɔ ze kple gagbawo siwo woɣe la vɛ nɛ eye wòtrɔ ami la ɖe wo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite