Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 1:31 - Agbenya La

31 Èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be ‘Yesu.’

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Eye kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu.

Gade chapit la Kopi




Luka 1:31
10 Referans Kwoze  

Eya ta Aƒetɔ la ŋutɔ ana dzesi mi. Ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, ana ŋkɔe be Imanuel.


Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabena eyae aɖe eƒe amewo tso woƒe nu vɔ̃wo me.”


Ke Yosef mede asi eŋu o, va se ɖe esime wòdzi viŋutsuvi la, eye wòna ŋkɔe be Yesu.


Esi vidzĩ la xɔ ŋkeke enyi la, wowɔ aʋatsotsokɔnu nɛ, eye wona ŋkɔe be Yesu. Esia nye ŋkɔ si mawudɔla la gblɔ da ɖi be woatsɔ nɛ hafi wofɔ eƒe fu gɔ̃ hã.


“Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel” (si gɔmee nye, “Mawu li kpli mí ”).


Ke esi ɣeyiɣi nyuitɔ va ɖo la, Mawu dɔ Via si nyɔnu aɖe dzi le se la te la ɖa


Gake mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Zekaria, elabena meva be magblɔ na wò be Mawu se wò gbedodoɖa. Srɔ̃wò Elizabet le viŋutsuvi dzi ge na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes.


Ame si gbɔ wòdɔe ɖo la nye ɖetugbi aɖe si menya ŋutsu o, eye woyɔnɛ be Maria. Wodo Maria ŋugbe na David ƒe dzidzimevi aɖe si woyɔna be Yosef la be wòaɖe.


Dawò kple fofowò nekpɔ dzidzɔ eye nyɔnu si dzi wò la netso aseye!


David yɔe be, ‘Aƒetɔ’ Aleke wɔ wòaganye via?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite