Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 1:25 - Agbenya La

25 Elizabet gblɔ kple dzidzɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔ me nyo ŋutɔ be wòɖe kotsitsi ƒe ŋukpe gã sia ɖa le dzinye.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Elabena ale Aƒetɔ la wɔ nam le ŋkeke, siwo me wòkpɔm ɖa, be wòaɖe nye ŋukpe ɖa le amewo dome.

Gade chapit la Kopi




Luka 1:25
14 Referans Kwoze  

Gbe ma gbe la, nyɔnu adre aku ɖe ŋutsu ɖeka ŋu ahagblɔ be, “Míaɖu míawo ŋutɔ ƒe nu, eye míatso avɔ na mía ɖokuiwo. Na woayɔ wò ŋkɔ ɖe mía ŋu ko, nàɖe míaƒe ŋukpe ɖa.”


To xɔse me esi Abraham tsi xɔ ƒe geɖe hã la, ete ŋu dzi Vi. Nenema kee nye srɔ̃a Sara hã, ame si tsi ko tsã. To xɔse me Abraham zu fofo, elabena Mawu ame si do ŋugbe nɛ la, bui nuteƒewɔlae.


Gake mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Zekaria, elabena meva be magblɔ na wò be Mawu se wò gbedodoɖa. Srɔ̃wò Elizabet le viŋutsuvi dzi ge na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes.


Esi wònye be Yehowa tu eƒe vidzidɔ ta la, atsusia nɔa dzigbãnyawo gblɔm ɖe eŋu be ne wòado dziku.


Isak ɖe kuku na Yehowa be wòana vi ye kple Rebeka, elabena le ƒe geɖewo ƒe srɔ̃gbenɔnɔ me la, womedzi vi o. Mlɔeba la, Rebeka va fɔ fu.


Gake wɔ nye didi sia ko dzi nam. Na ɣleti evem matsa le togbɛawo dzi afa konyi kple xɔ̃nyewo elabena nyemaɖe srɔ̃ akpɔakpɔ o.”


Ami ku tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le amewo ƒe ŋkume. Aɖe eƒe dukɔ la ƒe ŋukpe ɖa le anyigba blibo la dzi. Yehowae gblɔe.


Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la srɔ̃a Elizabet fɔ fu, eye wòɣla eɖokui ɣleti atɔ̃ sɔŋ.


Ale Mixal tsi ko le eƒe agbemeŋkekewo katã me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite