Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 1:11 - Agbenya La

11 Zekaria nɔ kɔkɔeƒe la, kasia mawudɔla aɖe va do ɖe edzi zi ɖeka, eye wònɔ tsitre ɖe vɔsamlekpui la ƒe nuɖusime.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae, le tsitre ɖe numemlekpui la ƒe nuɖusi me.

Gade chapit la Kopi




Luka 1:11
15 Referans Kwoze  

Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ nɛ be, “Wò la, ètsi ko eye mèdzi vi o gake èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi.


Mawudɔla adelia ku eƒe kpẽ la. Tete mese gbe aɖe tso sikavɔsamlekpui si nɔ Mawu ŋkume la ƒe lãdzowo gbɔ.


Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu, eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti.


Ke le zã me la, mawudɔla aɖe va apostoloawo gbɔ le gaxɔa me. Eʋu gaxɔ la ƒe agbowo, eye wòkplɔ wo do goe. Egblɔ na wo be,


gake mawudɔla la de dzi ƒo na wo gblɔ be, “Migavɔ̃ o! Dzidzɔnya gãtɔ kekeake si miese kpɔ o lae meva be magblɔ na mi kple ame bubuwo siaa!


Gabriel va do ɖe Maria gbɔ le vo me, eye wògblɔ nɛ be, “Ŋutifafa na wò! Wò ɖetugbi si kpɔ amenuveve! Aƒetɔ la li kpli wò.”


Mawudɔla la gblɔ nɛ kple kakaɖedzi be, “Nyee nye Gabriel si nɔa Mawu ŋkume ɣe sia ɣi. Eyae dɔm be magblɔ dzidzɔnya sia na wò,


Mawu se Manoa ƒe gbedodoɖa eye Mawudɔla la gaɖe eɖokui fia srɔ̃a esime wònɔ agble me. Eya ɖeka koe nɔ afi ma: Manoa menɔ afi ma o


Atsɔ dzudzɔdonu la akɔ ɖe dzoka xɔxɔawo dzi le afi ma, le Yehowa ŋkume, ale be dzudzɔdonu la ƒe dzudzɔ naxɔ amenuvevezikpui la dzi le nubablaɖaka la tame, ale be magakpɔ nubablaɖaka la tame ne wòaku o.


Kasia mawudɔla aɖe va do ɖe wo dome kpoyii, eye teƒe si wotsi tsitre ɖo la klẽ kple Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe, eye wovɔ̃ ŋutɔ,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite