Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 9:16 - Agbenya La

16 Efraim, tsɔtsrɔ̃ tu wò. Israel, wò kewo katã yrɔ, màgatse ku azɔ o, eye ne èdzi vi hã la, mawu ɖevi si gbɔ womelɔ̃ nu le o.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ati ŋɔɖua enye Efrayim, woƒe kewo ayrɔ, eye womatse ku o; ne wobe, yewoadzi vi hã la, mawu woƒe dɔmevi, siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o.

Gade chapit la Kopi




Hosea 9:16
10 Referans Kwoze  

Gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mele kɔ gblẽ ge ɖo na nye kɔkɔeƒe la, ŋusẽteƒe si dzi miedana ɖo, teƒe si doa dzidzɔ na miaƒe ŋkuwo kple teƒe si mielɔ̃. Viŋutsu kple vinyɔnu siwo miegble ɖi la atsi yinu


Eya ta abe ale si dzo ƒe aɖe fiaa bee, eye gbe ƒuƒu bina le dzo me ene la, nenema kee woƒe kewo anyunyɔ, eye ya aƒo woƒe seƒoƒowo adzoe abe ʋuʋudedi ene, elabena wogbe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nufiame, eye woɖe alɔme le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo ŋu,


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Kpɔ ɖa! Minɔ ŋudzɔ, ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la gbɔna, ele bibim abe kpodzo ene. Dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo abi abe be ene eye abe ati ene la, woabi kple woƒe alɔwo kple kewo siaa.


“Woƒã ya, eya ta woaŋe ahomya. Woƒe bliwo magbã ahadza o, eya ta ahɔ̃litiwo matse ku o, eye ne bli anɔ blitikpui aɖewo ŋu hã la, amedzrowo ahae aɖu.


eye woaŋe Efraim, agbãe gudugudu, elabena eɖoe kplikpaa be yeadze legbawo yome.


Womekpɔ do wo o, womekpɔ ƒã wo o, womekpɔ to ke ɖe anyigba me o, kasia egbɔ ɖe wo dzi, woyrɔ, eye ya va kplɔ wo dzoe abe atsa ene.


Eƒe kewo yrɔna le ete ke eye eƒe aŋgbawo yrɔna le eƒe tame.


Bli adre bubuwo gado ɖe bliti ma ke dzi, ke woawo meʋã o, ke boŋ woyrɔ.


Futɔwo ƒe yiwo le dua godo, eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me. Adzi ŋɔ na ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, na vi nonowo kple amegãɖeɖiwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite