Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 9:11 - Agbenya La

11 Efraim ƒe ŋutikɔkɔe dzo, dzo abe xevi ene, eya ta womadzi vi o, womafɔ fu o, eye womado fu hã o

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Efrayim ƒe ŋutikɔkɔe adzo abe xevi ene, vidzidzi kple fulɔfɔa ɖeke manɔ anyi o.

Gade chapit la Kopi




Hosea 9:11
18 Referans Kwoze  

Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le woƒe nyivimawu si le Bet Aven ta. Esubɔlawo le nu xam le eta, eye vodua ƒe nunɔlawo axa nu le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ la ta.


O Yehowa, nu ka nàtsɔ ana wò amewo? Nu siwo nàtsɔ na wo lae nye vidzidɔ si mate ŋu atsɔ fu o kple no siwo me notsi manɔ o.


Zi ale si nunɔlawo le agbɔ sɔm ɖe edzi la, zi nenema kee wole nu vɔ̃ wɔm ɖe ŋutinye, eya ta matrɔ woƒe ŋutikɔkɔe wòazu ŋukpe na wo.


Aɖi wò alimeviwo, wò agblemenukuwo, wò nyiwo kple wò alẽwo hã ŋu.


Elabena ŋkeke aɖewo gbɔna esime woagblɔ be, ‘Woayra konɔwo kple dɔ siwo medzi vi o kpakple no siwo mena notsi kpɔ o la!’


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Amon ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena le woƒe aʋa si wowɔ le Gilead be yewoakeke yewoƒe liƒowo ɖe edzi me la, wotsɔ yi dze ƒodo na Gilead ƒe funɔwo.


Ne viŋutsu alafa ɖeka kple vinyɔnu alafa ɖeka anɔ ame aɖe si, eye wòatsi axɔ ƒe geɖe, gake ga si wòagblẽ ɖi hafi aku la le sue ale gbegbe be viawo mate ŋu aɖii, ade bubu eŋu o la, mele egblɔm be anyo nɛ wu ne eku le eƒe dzigbe,


Wole abe abɔbɔ si va yi, eye etoƒe bu la ene. Wonenɔ abe fu gege ene, be womakpɔ ɣe o.


“Wotsia ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi eye eƒe dzo megabina o.


Ele abe nyitsuvi ene Le ŋusẽ kple ɖekadzedze me. Eto dzo abe to ƒe dzowo ene; Wòawo wòatsɔ tu dukɔwo aƒu anyi le afi sia afi. Esiae nye nye yayra na Efraim ƒe ame akpe nanewo kple Manase tɔ akpe akpewo.”


Aɣla amenɔ si le eƒe atawo dome kple vidzĩ si wòdzi la ɖe wò ale be eya ɖeka nate ŋu aɖu wo le adzame. Le ɣeyiɣi si me woaɖe to ɖe dua la, dɔwuame kple fukpekpe si wò futɔwo ahe vɛ la nu asẽ ŋutɔŋutɔ.


“Yosef nye kutsetseti aɖe si le tsi dzidzi to, eɖe alɔwo, eye wòɖo vɔvɔli ɖe gliwo dzi.


Ena ŋkɔ Via ŋutsu evelia be Efraim si gɔmee nye “Kutsetse,” elabena egblɔ be, “Mawu na metse ku le teƒe sia, afi si menye kluvi le.”


Efraim ƒe mɔ sesẽwo nu ayi kple Damasko ƒe fiaɖuƒe hã, eye Aram ƒe ame mamlɛawo ƒe ŋusẽ anɔ abe Israeltɔ ene.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Woagbã Efraim gudugudu ne ʋɔnudrɔ̃gbe la ɖo. Le Israel ƒe toawo dome la, nu siwo mena wo nya la ava eme godoo.


Ale Mixal tsi ko le eƒe agbemeŋkekewo katã me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite