Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 9:10 - Agbenya La

10 “Esi medo go Israel la, enɔ nam abe waintsetse le gbegbe ene; esi medo go wo fofowo la, enɔ nam abe gbotsetse gbãtɔ le gboti dzi ene. Ke esi wova Baal Peor gbɔ la, wotsɔ wo ɖokuiwo na ŋukpenalegba la eye woɖi gbɔ̃ abe legba si ŋu woku ɖo la ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Mefɔ Israel le gbegbe abe weintsetse ene, eye mekpɔ mia fofowo abe gbotsetse ŋgɔgbea ene; ke esi wova Baal-Peor la, wotsɔ wo ɖokui na ŋukpenamawu la, eye wozu ŋunyɔnu, abe nusi ŋu woku ɖo la ke ene.

Gade chapit la Kopi




Hosea 9:10
32 Referans Kwoze  

“Nu ka ta nyemahe to na wo ne wole ahasi wɔm o? Elabena ŋutsuwo ŋutɔ hã dɔna kple gbolowo, eye wosaa vɔ kple gbolowo. Ale ame siwo nye bometsilawo la atsrɔ̃.


O Yuda, wò mawuwo sɔ gbɔ abe wò duwo ene, eye nuxeƒe siwo nèɖo be yeanɔ dzudzɔ ʋeʋĩ dom na ŋukpenamawu, Baal la sɔ gbɔ abe Yerusalem ƒe ablɔwo ene.’


Baba nam! Elabena mele ko abe ame aɖe si le kutsetse dim vevie le ati dzi le esi nuŋeɣi nu va yi vɔ la ene. Elabena nyemekpɔ kutsetse ɖiɖi aɖeke agbe, aɖu, atsɔ atsi nye dɔwuame nu o.


Afi ma magbugbɔ eƒe waingble la nɛ, eye matrɔ eƒe Nuxaxa ƒe Balime la wòazu Mɔkpɔkpɔ ƒe Agbo. Adzi ha kple dzidzɔ abe ale si wònɔ nɛ le eƒe ɖetugbime esi wòdo go tso Egipte ene.”


“ ‘Ke wodze aglã ɖe ŋutinye, eye womeɖo tom o; womeɖe asi le aklamakpakpɛ dzodzro siwo dzi woda ŋku ɖo la ŋu o, eye womeɖe asi le woƒe Egipte legbawo hã ŋu o. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi eye magblẽ nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu le Egipte.


Mitsɔ amɔʋaʋãbolo wɔ akpedavɔsae. Miɖe gbeƒã lɔlɔ̃nununana. Migblɔe dadatɔe, elabena nenema mielɔ̃a wɔwɔ. O, Israel!” Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe.


“Esi Israel nye ɖevi la, melɔ̃e, eye Egipte meyɔ vinye la tsoe, abe vinye ŋutsu ene.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ame siwo metsi yi nu o la akpɔ amenuveve le gbedadaƒo, mava ana dzudzɔ Israel.”


Nyagblɔɖilawo gblɔ aʋatsonyawo ɖi. Nunɔlawo le nuwo wɔm le woawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me eye wòdze nye dukɔ ŋu alea. Ke nu ka nàwɔ le nuwuwu?”


Seƒoƒo yɔyrɔ ma si nye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si wòɖɔ na balime nyonuku la anɔ abe gbotsetse si ɖi do ŋgɔ na mamlɛawo la ene; esi ame aɖe kpɔe la, egbee kaba heɖu.


eya ta meɖe asi le wo ŋu na woƒe dzi sesẽwo, ne woadze nu siwo woawo ŋutɔ ɖo la yome.


Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe Yezebel, Sidon fia Etbaal ƒe vinyɔnu eye wòde asi Baal subɔsubɔ me.


Tso gbe ma gbe dzi la, wona ŋkɔ Gideon be, “Yerubaal” si gɔmee nye “Baal newɔ avu kplii.” Elabena egbã Baal ƒe vɔsamlekpui.


Israel sa vɔ na trɔ̃wo, siwo menye Mawu o mawu siwo womesubɔ kpɔ o, mawu siwo meli tsã o mawu siwo medzi ŋɔ na mia fofowo o.


Yehowa kpɔ eta le gbedadaƒo afi si gbemelãwo le xɔxlɔ̃m le eɖee tso lã wɔadãwo ƒe asi me abe eƒe ŋkuviwoe wònye ene.


Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si Yehowa wɔ le Baal Peor kple miaƒe ŋkuwo. Yehowa, miaƒe Mawu la tsrɔ̃ ame siwo katã dze Baal Poer yome la le mia dome.


Ne miekpɔ gbo siawo la, ekema miaɖo ŋku se siwo katã Yehowa de na mi la dzi be miawɔ wo dzi, eye miagatsɔ mia ɖokuiwo adzra na ŋutilãmenuwo, miaƒe dzi ƒe nudzodzrowo kple nu siwo miaƒe ŋku kpɔna la o.


Ekema viɖe ka miekpɔ ɣe ma ɣi tso nu siwo le ŋu kpem na mi azɔ la me? Nu mawo katã kplɔa mí yia ku me!


Ame siwo wɔ wo la, anɔ abe woawo ke ene, eye nenema kee nye ame siwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe wo dzi.


Tso míaƒe ɖekakpuime ke, ŋukpenamawuwo ɖu mía fofowo ƒe agbagbadzedze ƒe kutsetsewo, woƒe alẽhawo, woƒe nyihawo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo.


Gbotsetse nyuiwo le kusi ɖeka me, eye woɖi nyuie abe esiwo ɖina kaba la ene. Ke gbotsetse siwo le kusi evelia me la menyo kura o, wogblẽ ale gbegbe be womenyo woaɖu o.


Ne Israel ŋutsuwo no aha tsu vɔ la, ekema woyia gbolowo gbɔ. Woƒe kplɔlawo lɔ̃a ŋukpenanuwo wɔwɔ,


kple nuɖuɖu ɖe sia ɖe ene la hã nye mia tɔ. Miaƒe ƒometɔwo aɖu esiawo negbe ɖeko wo ŋuti mekɔ le ɣe ma ɣi me o.


Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le nuxeƒe ɖe sia ɖe abe ale si dukɔ siwo Yehowa nya le wo ŋgɔ la wɔna ene. Wowɔ nu vɔ̃ɖi siwo na Yehowa do dziku.


Ame kae nye esi gbɔna tso gbegbe abe dzudzɔ babla si wotɔtɔ kple lifi kple atike ʋeʋĩ si wowɔ kple nu vovovo siwo woƒle le asitsalawo si la ene?


Mina míamlɔ míaƒe ŋukpe me eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi. Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu, míawo kple mía fofowo siaa, tso míaƒe ɖekakpuime va se ɖe egbe sia, míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o.”


Mekpɔ mia ta le gbedzi, le kuɖiɖinyigba ma dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite