Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 7:8 - Agbenya La

8 “Efraim tsaka kple dukɔ bubuwo, eye wòle abe abolo si mebi nyuie o la ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Efrayim tsaka kple dukɔwo: Efrayim le abe abolo, si woƒo de afi dzi, eye wometrɔe o la ene.

Gade chapit la Kopi




Hosea 7:8
15 Referans Kwoze  

ke boŋ wotsaka kple dukɔwo, eye wosrɔ̃ woƒe kɔnyinyiwo.


Eya ta migatsɔ mia vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe alo aɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo o. Migabla ɖekawɔwɔ ƒe nu kpli wo ɣe aɖeke ɣi o, ale be miakpɔ ŋusẽ aɖu anyigba la ƒe nu nyuiwo, eye miagblẽ wo ɖi na mia viwo, woanye domenyinu mavɔ na wo.’


Ŋunyɔnuwɔwɔ xɔ aƒe ɖe Yuda, Israel kple Yerusalem eye Yuda ŋutsuwo do gu Yehowa ƒe gbedoxɔ kɔkɔe si gbɔ melɔ̃a nu le o la elabena woɖe nyɔnu siwo subɔa mawu bubuwo.


Le nu siawo wɔwɔ vɔ megbe la, kplɔlawo va gbɔnye gblɔ nam be, “Israel blibo la, nunɔlawo kple Levitɔwo hã, meɖe wo ɖokui ɖa tso dukɔ bubuwo abe Kanaantɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo, Amonitɔwo, Moabtɔwo, Egiptetɔwo kple Amoritɔwo ene ƒe ŋunyɔnuwo gbɔ o.


Eye Eliya do ɖe ameawo ŋgɔ eye wògblɔ na wo be, “Ɣe ka ɣie mianɔ evedome si va se ɖo? Ne Yehowae nye Mawu la, midze eyome, ke nenye Baal ye nye Mawu la, midze eyome!” Gake womeɖo nya aɖeke ŋuti nɛ o.


“Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu vevie, eye wòagbe nu le evelia gbɔ. Màte ŋu asubɔ Mawu kple ga o.


ame siwo dea ta agu le xɔwo tame hesubɔa dziƒoŋunuwo, hekpe ɖe ame siwo dea ta agu na Yehowa, gake wogakaa atam na Molek,


Miaganɔ anyigba si nye Yehowa tɔ la dzi o, Efraim atrɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔwo le Asiria.


“Esi Efraim kpɔ eƒe dɔléle, eye Yuda hã kpɔ eƒe abiwo ta la, Efraim trɔ ɖe Asiria ŋu, eye wòdɔ ame ɖo ɖe fiagã la gbɔ, gake mate ŋu ada gbe le mia ŋu, ana miaƒe abiwo naku o.


Wometo nyateƒe na Yehowa o, elabena wodzi ahasiviwo. Azɔ dzinu yeye ƒe ŋkekenyui aɖu wo kple woƒe nunɔamesiwo.


Du bubu me tɔwo xɔ ŋusẽ le esi, gake menya o. Efraim ƒe ɖa le wɔ ƒom, gake menya gɔ̃ hã be yele tsitsim le gbɔdzɔgbɔdzɔm o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite