Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 7:7 - Agbenya La

7 Wo katã woxɔ dzo abe kpodzo ene, eye wofiaa woƒe kplɔlawo. Woƒe fiawo katã mu dze anyi, gake ɖeke meyɔm kpɔ o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Wo kalã le bibim abe kpo ene, eye woflã woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo, woƒe fiawo katã dze anyi, eye wo dometɔa ɖeke meyɔm o.

Gade chapit la Kopi




Hosea 7:7
27 Referans Kwoze  

Hosea, Ela ƒe vi ɖo nugbe ɖe Peka ŋu eye wòwui, ale Hosea zu fia yeye la. Israel fia yeye lae nye Hosea. Eɖu fia le Israel le esime Yotam, Uzia ƒe vi ɖu fia ƒe blaeve le Yuda.


Peka, Remalia ƒe vi, aʋafiawo dometɔ ɖeka wɔ babla kple Gileadtɔ blaatɔ̃ ɖe eŋu eye wowui le fiasã la me le Samaria. Wowu Argɔb kple Arieh kpe ɖe eŋu. Ale Peka zu fia yeye la.


Le Salum ƒe fiaɖuɖu ɣleti ɖeka megbe la, Menahem, Gadi ƒe vi tso Tirza va Samaria eye wòwui. Ale Menahem zu fia ɖe eteƒe.


Salum, Yabes ƒe vi ɖo nugbe ɖe eŋu hewui le lbleam eye wòzu fia ɖe eteƒe.


Woɖo fiawo, gake womebia gbem hafi o, eye wotia dumegã siwo dzi nyemeda asi ɖo o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe na wo ɖokui hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃.


Israel ƒe dada le ɖase dim le eŋuti; esi nu siawo katã le dzɔdzɔm hã la, metrɔ va Yehowa, eƒe Mawu la gbɔ be yeadii o.


Ame aɖeke meyɔa wò ŋkɔ alo dzea agbagba be wòaku ɖe ŋuwò o, elabena èɣla wò mo ɖe mí, eye le míaƒe nu vɔ̃wo ta la, èna míevɔ le eme keŋkeŋ,


“Ke wò, Yakob, mèyɔm o. O! Israel, mèkpe fu ɖe tanye o.


Gake ame siawo metrɔ ɖe ame si ƒo wo la ŋu o, wogbe be yewomadi Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la yomemɔ o.


“Fuléle le dzi me na Mawumavɔ̃lawo, ne ede kunyowu woƒe afɔwo hã la, womedoa ɣli be woaxɔ na yewo o.


Womedo ɣli nam tso woƒe dzi me o, ke wofa avi le woƒe abawo dzi. Woƒoa ƒu ɖe bli kple aha yeye ŋuti, ke nye la, wotrɔ le yonyeme.


Magblẽ wo ɖe aboyo me, atrɔ yi aƒe va se ɖe esime wolɔ̃ be yewodze agɔ, atrɔ ɖe ŋutinye, aɖe kuku nam, elabena ne fukpekpe dze wo dzi la, woadi nye mɔ.”


Abe ale si woŋlɔ ɖe Mose ƒe sewo me ene la, dzɔgbevɔ̃e sia katã dzɔ ɖe mía dzi, míedi Yehowa, mía Mawu la ƒe amenuveve to asiɖeɖe le míaƒe nu vɔ̃wo ŋu kple ŋkuléle ɖe wò nyateƒe la ŋu me o.


“Medi ame aɖe le wo dome, ame si atu gli la, eye wòatsi tsitre ɖe nye ŋkume le gbadzaƒe le ameawo teƒe, ale be nyemagblẽ nu o, gake nyemekpɔ ame aɖeke o.


Fia Yehu ɖe gbe na eƒe amewo be, “Milé wo!” Wolé wo eye wokplɔ wo ame blaeve-vɔ-eneawo katã yi ɖawu le Bet Eked, do aɖe gbɔ.


Esi woxɔ agbalẽa la, wowu wo ame blaadreawo katã eye wotsɔ woƒe tawo de kusiwo me heyi na Fia Yehu le Yezreel.


Yehu gblɔ na wo be, “Midae ɖo ɖe anyigba!” Ale woda Yezebel to fesre la to wòge va dze anyigba. Eƒe ʋu hlẽ ɖe gli la kple sɔwo ŋu, Yehu do eƒe tasiaɖam kple sɔwo, zɔ eƒe ŋutilã kukua dzi.


Tete Yehu he eƒe da me kple eƒe ŋusẽ katã eye wòte Yehoram ƒe megbe kpam. Aŋutrɔ la ŋɔe yi ɖatɔ eƒe dzi eye wòmu dze tasiaɖam la me heku.


Esi Zimri kpɔ be futɔwo xɔ Tirza la, eyi fiasã la me hetɔ dzoe ɖe eɖokui dzi eye wòku ɖe dzo la me.


Ke Aʋafia Omri ɖu Tibni dzi. Wowu Tibni ale be ame aɖeke megaʋli fiaɖuƒe la kple Omri o.


Ale Baasa zu Israel fia ɖe Nadab teƒe le Tirza; le Yuda fia, Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me.


Afi ka miaƒe fia la le? Nu ka wɔ miayɔe ne wòaxɔ na mi o? Afi ka miaƒe dumegãwo katã le? Ame siwo ŋuti miegblɔ le be, ‘Na fia kple dumegãwo mí’ la le? Eya ta miyɔ wo woava xɔ na mi!


Baba na mi ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi be yewoawɔ kple ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi le woƒe abawo dzi. Ŋdi kanya la, wowɔa nu siwo woɖo elabena ŋusẽ le wo si be woawɔe.


Ɖe nu tovo wɔlawo, ame siwo ɖua nye amewo abe abolo ene, eye womeyɔa Yehowa o la manya esia oa?


Tso blema ke, ame aɖeke mesee o, to aɖeke mesee o, ŋku aɖeke mekpɔ Mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋuwò, esi kpena ɖe ame siwo le mɔ kpɔm nɛ la ŋu o.


Mí katã míele abe ame makɔmakɔwo ene, eye míaƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo katã le abe ɖovu ƒoɖi ene. Mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene, eye míaƒe nu vɔ̃wo lɔ mi ɖe nu hoo abe ya ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite