Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 6:10 - Agbenya La

10 Nyateƒe, mekpɔ nu dziŋɔwo le Israel. Efraim wɔ ahasi to mawu bubuwo yometiti me, eye Israel ya bliba ɖe ŋunyɔnu me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Mekpɔ nusi mele gbɔgblɔ me o la, le Israel ƒe aƒe le me; Efrayim tsɔ ahasiwɔwɔ do dɔe le afima, eye Israel do gu eɖokui.

Gade chapit la Kopi




Hosea 6:10
14 Referans Kwoze  

Menya Efraim nyuie, eye Israel hã meɣla ɖem o. O Efraim, ètrɔ zu gbolo, eye Israel gblẽ kɔ ɖo na eɖokui.


Ke mekpɔ ŋunyɔnu sia hã le nyagblɔɖila siwo le Yerusalem la dome. Wole ahasi wɔm eye wole alakpa hã dam. Wodoa ŋusẽ nu baɖa wɔlawo be ne ame aɖeke nagaɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o. Wo katã le nam abe Sodom ene. Yerusalem nɔlawo le abe Gomoratɔwo ene.”


Mègate ɖe Efraim ŋu kura o, elabena edo ka kple legbawo.


eye wotsɔ wo ɖokuiwo na gbolowɔwɔ, wain, kple aha yeye, eye nu siawo na nye dukɔ zu bometsilawo.


“Ohola nɔ gbolo wɔm le esime wòganye tɔnye ko, eye wòtiaa eƒe ahiãviwo yome vevie. Ame siawo nye aʋawɔlawo tso Asiria,


Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mibia le dukɔwo dome be, ame kae se esia tɔgbi kpɔ mahã? Ɖetugbi dzadzɛ, Israel, wɔ ŋunyɔnu si teƒe mekɔ o.


Esi Fia Yosia nɔ fia ɖum la, Yehowa gblɔ nam be, “Èkpɔ nu si Israel nuteƒemawɔla la wɔa? Eyi ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi eye wòyi ɖe ati dama ɖe sia ɖe te hewɔ ahasi le afi ma.


Esiawo katã va eme elabena Israelviwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe Mawu, ame si kplɔ wo tso Egipte eye wòɖe wo le Farao, Egipte fia ƒe ŋusẽ te la ŋu. Wosubɔ mawu bubuwo.


Esia va eme esi Yeroboam do dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la to eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ kple Israelviwo kpɔkplɔ de nu vɔ̃ me la ta.


Ke Rehoboam gbe mexɔ aɖaŋu si dumemetsitsiawo ɖo nɛ la o ke boŋ eyi ɖade aɖaŋu kple ehati siwo nɔ esubɔm


Etsɔ eɖokui abe gbolo ene na Asiriatɔwo ƒe ame ŋkutawo katã, eye wòtsɔ ame sia ame si yome wòtina vevie la ƒe legbawo do gu eɖokui.


Elabena wole gbe biam ati si nye nu dzodzro la be negblɔ nu si yewoawɔ la na yewo. Atizɔtie wodana ɖi be negblɔ nyateƒe la na yewo. Ale voduwo yometiti vivivo wɔ wo movitɔwoe, elabena wowɔ ahasi, gbe nu le woƒe Mawu gbɔ hedze mawu bubuwo yome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite