Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 5:9 - Agbenya La

9 Woagbã Efraim gudugudu ne ʋɔnudrɔ̃gbe la ɖo. Le Israel ƒe toawo dome la, nu siwo mena wo nya la ava eme godoo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Efrayim azu gbegbe le tohegbe; nusi megblɔ ɖe Israel ƒe toawo ŋu la, le eteƒe.

Gade chapit la Kopi




Hosea 5:9
23 Referans Kwoze  

Ke ɖe nye nya kple ɖoɖo siwo mede asi na nye dɔla, nyagblɔɖilawo la meva mia fofowo dzi oa? “Le esia ta la, wotrɔ dzi me gblɔ be, ‘Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la wɔ na mí ɖe míaƒe mɔwo kple wɔnawo nu abe ale si wòɖoe be yeawɔ ene.’ ”


Mena mienya nuwuwua tso gɔmedzedzea, eye tso blema ke, mienya nu si ava dzɔ. Megblɔ be, ‘Nye nuɖoɖiwo anɔ anyi tegbee, eye mawɔ nu siwo katã dze ŋunye,’


Le nyateƒe me la, ɖe mele nya siawo gblɔm na mi be ne ɣeyiɣi la ɖo la, miaɖo ŋku edzi be mena mienya do ŋgɔ. Nyemegblɔ nya siawo na mi do ŋgɔ o, elabena menɔ mia gbɔ.


“Aleae nye Yehowa ƒe ŋuɖoɖo na wò, “ ‘Esime nètsi tsitre ɖe nyagblɔɖiawo ŋuti ta la, srɔ̃wò azu gbolo le du sia me, woawu viwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo kple yi; woatsɔ dzidzeka ama wò anyigbae. Wò ŋutɔ ya, àku ɖe dzronyigba dzi, eye Israelviwo azu kluviwo le aboyo me le anyigba aɖe si le didiƒe ke la dzi.’ ”


“Woagbã Isak ƒe nuxeƒewo, Israel ƒe Kɔkɔeƒewo azu aƒedo, eye matso ɖe Yeroboam ƒe aƒe la ŋu kple yi.”


Eya ta Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, mewɔa naneke ne meɖe eƒe ɖoɖo fia eƒe dɔla nyagblɔɖilawo hafi o.


Israel gbã gudugudu, ɖeko wòle dukɔwo dome abe nu maɖinu ene,


Manye dzata ɖe Efraim ŋu, eye manye dzatavi ɖe Israel ƒe aƒe la ŋu. Nye, ɛ̃, nye ŋutɔ mavuvu wo ʋayaʋaya adzo; malé wo adzoe, eye ame aɖeke maxɔ wo le asinye o.


Maɖu Efraim, agblẽ edome abe ale si gbagbladza ɖua avɔe ene, eye magblẽ Yuda dome abe ale si ŋɔ ɖua aŋgba ene.


eya ta megblɔ nu siawo na mi gbe aɖe gbe ʋĩi va yi. Hafi woava adzɔ la, meɖe gbeƒã na mi be miagagblɔ be, ‘Nye legbawoe wɔ wo. Nye aklamakpakpɛwo kple akɔblimawue ɖo wo da ɖi,’ o.


Megblɔ nu siwo dzɔ va yi la da ɖi xoxo. Metsɔ nye nu ɖe gbeƒã wo, eye mena mienya wo. Meɖe zɔ, kasia wo katã wova eme,


Wogblɔ nɛ be, Ale fia Hezekia gblɔe nye esi: “Egbee nye xaxa, mokaka kple vlodogbe. Enye ɣeyiɣi sesẽ abe nyɔnu si vi ɖo atame na be wòadzi, gake ŋusẽ mele eŋu be woasii adzi o la ene.


Nu si wògbã kɔ ɖi la, womagate ŋu agbugbɔ atui o. Ame si wòde gaxɔ me la, womate ŋu aɖe asi le eŋu o.


gake hafi ɖevi la nanya ale si wòade vovototo nyui kple vɔ̃ domee la, fia eve siwo mievɔ̃na na vevie la ƒe anyigba azu gbegbe.


Gake ne woyi la, matsɔ nye ɖɔ atsyɔ wo; maɖiɖi wo ava anyie abe xevi si le dzodzom le yame ene. Ne mese wole ƒu ƒom la, mayi aɖalé wo.


Toheɣi na Israel ɖo vɔ; nu vɔ̃ ƒe akɔntanaɣi ɖo vɔ, eye kpuie la, Israel anya nu si wònye. Esi wò nu vɔ̃wo li kɔ gleglegle, eye fuléle yɔ mewò fũu ta la, nyagblɔɖila zu bometsila, eye ame si me Mawu ƒe gbɔgbɔ le la zu tsukunɔ.


Eya ta nye hã matsrɔ̃ wò, agbã wò gudugudu ɖe wò nu vɔ̃wo ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite