Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 5:5 - Agbenya La

5 Israel ƒe aglãdzedze ɖi ɖase tso eŋuti le nye ʋɔnu. Efraim kple Yuda woadze anyi le woƒe nu vɔ̃ ta.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Israel ƒe dàda aɖi ɖase ɖe mo nɛ kem Israel kple Efrayim adze anyi le woƒe vodadawo la, eye Yuda hã adze anyi akpe ɖe wo ŋu.

Gade chapit la Kopi




Hosea 5:5
25 Referans Kwoze  

Israel ƒe dada le ɖase dim le eŋuti; esi nu siawo katã le dzɔdzɔm hã la, metrɔ va Yehowa, eƒe Mawu la gbɔ be yeadii o.


“Ɖetugbi Israel dze anyi, eye magafɔ akpɔ o. Wogbe nu le egbɔ le eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye ame aɖeke meli alé eƒe alɔnu afɔe ɖe tsitre o,


“Fia la do dɔmedzoe hegblɔ na dɔla vɔ̃ɖi la be, ‘Wò kuviatɔ nèbe menye ŋutasẽla. Wò ŋutɔ wò nuƒoƒoe matsɔ adrɔ̃ ʋɔnu wòe. Ne ènya nyuie be ŋutasẽla menye ɖe,


Ale mieɖi ɖase le miawo ŋutɔ ɖokui ŋu be, mienye ame siwo wu nyagblɔɖilawo ƒe dzidzimeviwo.


O Israel, mitrɔ yi Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ, elabena miaƒe nu vɔ̃wo gbã mi gudugudu.


Israel ŋlɔ eƒe wɔla be, eye wòtu fiasã gã dranyiwo. Yuda ɖo gli sesẽwo ƒo xlã eƒe duwo. Maɖo dzo ɖa wòafia woƒe duwo, eye wòabi woƒe mɔ sesẽwo.”


Manye dzata ɖe Efraim ŋu, eye manye dzatavi ɖe Israel ƒe aƒe la ŋu. Nye, ɛ̃, nye ŋutɔ mavuvu wo ʋayaʋaya adzo; malé wo adzoe, eye ame aɖeke maxɔ wo le asinye o.


Eya ta mi kple míaƒe nyagblɔɖilawo miakli nu adze anyi le ŋdɔkutsu kple zã siaa, eye matsrɔ̃ mia dada Israel akpe ɖe mia ŋu.


O Yehowa, togbɔ be míaƒe nu vɔ̃wo le ɖase ɖim tso mía ŋuti hã la, wɔ nane le wò ŋkɔ la ta, elabena míaƒe megbedede sɔ gbɔ, eye míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò.


elabena míaƒe dzidadawo sɔ gbɔ le ŋkuwò me eye míaƒe nu vɔ̃wo le mía nu tsom. Míenya míaƒe dzidadawo, eye míedze si miaƒe nu vɔ̃,


Ame siwo katã ha legbawo la, mele ɖeke me o, eye nu siwo ŋu wode asixɔxɔe la nye tofloko. Ame siwo ƒoa nu ɖe wo nu la nye ŋkugbagbãtɔwo, numanyala siwo menya ŋukpe o.


Woɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖe go abe Sodom ene, eye womeɣla wo o. Baba na wo! Wohe gbegblẽ va wo ɖokuiwo dzi.


ame siwo si ŋku gã le ɣe sia ɣi, eye wokpɔa ame ɖeƒomevie;


elabena togbɔ be ame dzɔdzɔe adze anyi zi adre hã la, agafɔ gake ame vɔ̃ɖiwo ya la, dzɔgbevɔ̃e ahe wo aƒu anyi.


Ne dzɔgbevɔ̃e dzɔ la, ame vɔ̃ɖiwo yia to, ke le ku me ke hã la, ame dzɔdzɔewo kpɔa sitsoƒe.


Maka ɖe esia dzi na mi be, womagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi la o, ke woana ablɔɖe ame dzɔdzɔewo.


Ame maɖifɔwo ƒe dzɔdzɔenyenye taa mɔ dzɔdzɔe ɖe wo ŋgɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔ̃wɔwɔ hea wo ƒua anyi.


Miaƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ahe to na mi eye miaƒe megbedede aka mo na mi. Bu eŋu nàdze si ale si wòavɔ̃ɖi na wò, ahave wòe esi nègblẽ Yehowa, wò Mawu la ɖi, eye mèvɔ̃m o la ta.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Yerusalem le mumum sɔgɔsɔgɔ, Yuda le anyi dzem. Woƒe nyawo kple woƒe nuwɔwɔ tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Wogbe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe amegbɔnɔnɔ.


Miva Yehowa gbɔ kple miaƒe kukuɖeɖe, eye miagblɔ nɛ be, “O Yehowa, tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí. Ve mía nu nàgaxɔ mí, eye míatsɔ kafukafuvɔsa vɛ na wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite