Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 5:10 - Agbenya La

10 Yuda ƒe amegãwo le abe ame siwo ŋea liƒo ɖe eme la ene, eya ta matrɔ nye dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi bɔbɔbɔ abe tɔɖɔɖɔ ene,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Yuda-amegãwo zu abe amesiwo ŋea liƒo ɖe eme la ene, matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi abe tɔɖɔɖɔ ene.

Gade chapit la Kopi




Hosea 5:10
15 Referans Kwoze  

“Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi la, ɖo ŋku edzi be, mèkpɔ mɔ aho ame aɖeke ƒe liƒotiwo agbugbɔ wo atu ale be nàfi eƒe anyigba gbeɖegbeɖe o.”


Mawumemewo katã nedo gbe ɖa na wò zi ale si nèli kpli wo, elabena enye nyateƒe be ne tɔsisi gãwo ɖɔ la, womade wo gbɔ o.


“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aɖɔli teƒe na liƒoti le eya ŋutɔ ƒe anyigba kple nɔvia tɔ dome la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”


Ke ame si sea nye nya, eye mewɔna ɖe edzi o la le abe ame aɖe si tu eƒe xɔ ɖe anyigba, eye meɖo gɔmeɖokpe nɛ o la ene. Esi tsi dza ɖɔ ɖe eŋu la, xɔ sia mu gbloo, hegbã gudugudu.”


Azɔ esi tsi dza, tɔwo ɖɔ eye ahom tu, lɔ xɔ sia ɖe eme ko la, emu dze anyi gbloo.”


Esusɔ vie matrɔ nye dziku akɔ ɖe mia dzi, eye magblẽ nye dɔmedzoe ɖe mia ŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu, eye mahe to na mi ɖe miaƒe ŋukpenanuwo katã ta.


Mègaɖe blemaliƒokpe si fofowòwo ɖi la ɖa o.


Dzregɔmetoto le abe ale si woŋɔa tɔʋu ene; eya ta ɖe asi le nya ŋu hafi wòava zu dzre.


Woƒo xlãm ŋkeke blibo la abe tsiɖɔɖɔ ene, eye wonye tsyɔ dzinye.


Trɔ wò dziku kɔ ɖe wo dzi, eye nàna wò dɔmedzoe helĩhelĩ nalé wo.


Wò dumegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃, wolɔ̃a zãnuxɔxɔ, eye wotia nunanawo yome. Womeʋlia tsyɔ̃eviwo ta o, eye ahosiwo ƒe nya medzɔna le woƒe ʋɔnu o.


Abe ale si wololõa klosalo le kpodzo me ene la, nenema woalolõ mi le emee, eye mianya be nye, Yehowae trɔ nye dɔmedzoe kɔ ɖe mia dzi.’ ”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite