Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 4:8 - Agbenya La

8 Nunɔlawo hã kpɔa dzidzɔ le ameawo ƒe nu vɔ̃ ŋu, eye woɖunɛ abe nuɖuɖu ene,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Nye dukɔ ƒe nuvɔ̃wo nye nuɖuɖu na wo, eye dɔ le wo wum ɖe woƒe vodada ŋu.

Gade chapit la Kopi




Hosea 4:8
18 Referans Kwoze  

Wonye avu siwo ɖua nutsu; nu meɖia ƒo na wo o. Wonye alẽkplɔla siwo mesea nugɔme o. Wo katã wolé woƒe mɔ tsɔ, ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe viɖe dim.


Ele be woatsi woƒe nuwɔnawo nu, elabena wole aƒekɔ blibowo dome gblẽm to nu siwo mele be woafia o la fiafia me, eye wowɔa esia ɖe viɖe ƒoɖi ta.


Miaƒe kplɔlawo xɔa zãnu hafi drɔ̃a ʋɔnu. Miaƒe nunɔlawo fiaa nu ɖe ga si woaxɔ ta eye miaƒe Nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖi ɖe ga ta gake woziɔna ɖe Yehowa ŋu gblɔna be: “Yehowa le mia dome eya ta vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o.”


Ekema nu ka ta miele ŋu klẽm ale ɖe vɔsanu bubu siwo ameawo tsɔna vanɛ nam la ŋu? Nu ka ta nède bubu viwòwo ŋu wu ŋunye? Nu nyui siwo Israel, nye amewo tsɔna vanɛ la na be wò kple woawo siaa mieda ami!


Nunɔla si asa vɔ sia la aɖu vɔsalã la le Agbadɔ la ƒe kpɔ me.


Nufiala siawo mele dɔ wɔm na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe viɖe ko dim wole. Woƒoa nu nyuie, eye woblea susu wodzoe tɔwo enuenu.


“O, nunɔla ɖeka pɛ hã mele mia dome si atu gbedoxɔ ƒe ʋɔtruwo, ale be miadzudzɔ vɔsanu madzemadze siawo tsɔtsɔ va vɔsamlekpui la dzi oa?” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe, “eye miaƒe nu mele ŋunye nyom kura o, eye miaƒe nunana aɖeke hã medze ŋunye o.


Ame si ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me le dzadzɛe, ame si metsɔ eƒe luʋɔ na legba o, eye mekaa aʋatso heta nu dzodzro o.


“ ‘Ne Israelvi alo amedzro aɖe si le Israel gbe nu le gbɔnye, eye wòɖo legbawo ɖe eƒe dzi me hetsɔ afɔklinu vɔ̃ɖi aɖe ɖo eƒe ŋkume hafi yi nyagblɔɖila aɖe gbɔ be yeabia nyae tso ŋunye la, nye Yehowa ŋutɔ, maɖo nya la ŋu nɛ.


“Ame vi, ame siawo li legbawo ɖe woƒe dzi me, eye woɖi afɔklinu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe ŋkume. Ɖe mana woabia gbem mahã?


O! Yehowa, wòe mekɔ nye luʋɔ ɖe dzi na.


Nufiala siawo, le woƒe ŋukeklẽ me, atsɔ nya kpakpawo aɖe vi le mia ŋuti. Woƒe fɔbubu le ta dzi na wo tso blema ke, eye woƒe gbegblẽ medɔ alɔ̃ o.


Ke miede nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble, miexa nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, mieɖu alakpakutsetse; elabena mieɖo ŋu ɖe miaƒe ŋusẽ kple aʋakɔ gã la ŋu.


Efraim dana gblɔna be: “Kesinɔtɔ gã aɖee menye! Le nye kesinɔnu gbogboawo ta la, womakpɔ vodada alo nu vɔ̃ le menye o.”


O Israel, mitrɔ yi Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ, elabena miaƒe nu vɔ̃wo gbã mi gudugudu.


Via ŋutsu si axɔ ɖe eteƒe abe nunɔla si wosi ami na ene la atrɔ asi le eŋu. Enye Yehowa tɔ ɣe sia ɣi, eye woatɔ dzoe wòafia keŋkeŋ.


Ke wotsɔa ga siwo amewo nana abe fɔɖivɔsa kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene la ya naa nunɔlawo hena wo ŋu dɔ wɔwɔ. Ga siawo ya megena ɖe tsitrenuɖaka la me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite