Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 4:3 - Agbenya La

3 Esiawo tae miaƒe anyigba megale nuku wɔm o ɖo, anyigba la dzi yɔ fũu kple nuxaxa, nu gbagbe ɖe sia ɖe le dɔ lém, eye ɖewo le kukum; lãwo, dziƒoxeviwo kple tɔmelãwo gɔ̃ hã le tsɔtsrɔ̃m.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eyata anyigba axa nu, eye nu ati kɔ na edzinɔlawo katã, eye woatsrɔ̃ gbemelãwo, dziƒoxewo kple keke atsiaƒumelãwo ke hã.

Gade chapit la Kopi




Hosea 4:3
17 Referans Kwoze  

“Matsrɔ̃ amewo kple lãwo siaa; Matsrɔ̃ dziƒoxeviwo kple lã siwo le atsiaƒu me la hã kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo.” “Ne metsrɔ̃ amegbetɔwo katã le anyigba dzi,” Yehowae gblɔe.


Eblu ɖe atsiaƒu ta wòmie, eye wòna tɔsisiwo me ƒu kplakplakpla. Basan kple Karmel ƒe lãnyiƒe damawo zu gbegbe, eye Lebanon ƒe ave damawo zu dzogbe.


Ale Yehowa, Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Avifafa anɔ kpɔdomewo, eye asiƒonu anɔ mɔ dodowo dzi. Míyɔ agbledelawo hã be woafa avi kpli mi; miyɔ konyifalawo hã vɛ be woafa avi kpli mi.


Ƒumelãwo, dziƒoxeviwo, gbemelãwo, nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba, eye ame siwo katã le anyigba dzi la adzo nyanyanya le nye ŋkume. Towo atrɔ abu, agakpewo atu wɔ, eye gli ɖe sia ɖe amu.


Va se ɖe ɣe ka ɣie ku naɖi le anyigba dzi eye gbewo naƒu ase ɖo? Esi edzinɔlawo nye ame vɔ̃ɖiwo ta la, xewo kple lãwo siaa tsrɔ̃. Gawu la, amewo le gbɔgblɔm be, “Makpɔ nu si dzɔ ɖe mía dzi o.”


Metsa ŋku ke nyemekpɔ ame aɖeke o. Xevi ɖe sia ɖe si le yame gɔ̃ hã dzo dzo.


“Le esia ta anyigba adzo nyanyanya, ame sia ame afa konyi, eye woakɔ ayi dzi abe Nil tɔsisi ene. Woadze agbo, agadze anyi abe Egipte tɔsisi la ene.”


Egblɔ be, “Yehowa ɖe gbe abe dzata ene tso Zion, eye eƒe gbe ɖi tso Yerusalem. Enumake lãnyiƒewo ƒu kplakplakpla, eye Karmel to la tame yrɔ.”


Anyigba la ƒu kplakplakpla, eye naneke megale edzi o. Ŋu kpe Lebanon, eye wòyrɔ sũu. Saron le abe Araba gbegbe ene. Basan kple Karmel lũ xɛ abe ati ene.


“Mafa avi ado ɣli na towo, eye madzi konyifaha ɖe gbegbelãnyiƒewo ŋu. Elabena wozu gbegbe, ame aɖeke mato afi ma ayi o eye womagase nyiwo ƒe xɔxlɔ̃ le afi ma o, dziƒoxewo gɔ̃ hã si dzo eye gbemelãwo hã si.


Anyigba la dzi yɔ fũu kple ahasiwɔlawo eye le fiƒode la ta la, anyigba la ƒu kplakplakpla ale be lãnyiƒe siwo katã le gbegbe la hã yrɔ; elabena Nyagblɔɖilawo ƒe mɔ to vovo eye wowɔa woƒe ŋusẽ ŋu dɔ to mɔ madzɔmadzɔwo dzi.


Nyiwo le ŋeŋem, nyihawo le nu kpɔm nublanuitɔe, elabena nuɖuɖu meli na wo o, eye alẽhawo le fu kpem.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, ‘Madɔ fiƒode sia ɖa, eye age ɖe fiafitɔ la ƒe aƒe me kple ame si yɔa nye ŋkɔ tsɔ kaa atam dzodzro la ƒe aƒe me. Anɔ eƒe aƒe me, agbã aƒe nɛ, eye wòakaka atiawo kple kpeawo siaa.’ ”


Yehowa be, ‘Ɖe mele be mahe to na wo le esia ta oa? Ɖe mele be mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?’


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite