Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 4:16 - Agbenya La

16 Mèganɔ abe Israel ene o, wole abe nyitsu dzeaglã ene ɖe Yehowa ŋu, ɖe Yehowa ate ŋu akplɔ wo yi gbe damawo dzi abe alẽvi enea?

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Elabena Israel dze aglã abe nyinɔ dzeagbo ene; azɔ Yehowa anyii abe alẽvi ene le leƒe gbaoo.

Gade chapit la Kopi




Hosea 4:16
19 Referans Kwoze  

“Mia fofowo gbe toɖoɖo gbedeasi sia, wolia ʋume kpakoo, eye wotsɔ asibidɛ xe to me be yewomagase nye nya la o.


Nye dukɔ ɖoe kplikpaa be yeagbem. Esia ta ne woyɔ Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la gɔ̃ hã la, womakpɔ xɔxɔ o.


O Yehowa, togbɔ be míaƒe nu vɔ̃wo le ɖase ɖim tso mía ŋuti hã la, wɔ nane le wò ŋkɔ la ta, elabena míaƒe megbedede sɔ gbɔ, eye míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò.


Ekema nu ka ta ame siawo trɔ dzo ɖo? Nu ka ta Yerusalem le megbe dem ɣe sia ɣi? Woku ɖe beble ŋuti eye wogbe be yewomatrɔ o.


Gake womeɖo to alo see nam gɔ̃ hã o, ke boŋ wowɔ nu dzeaglã siwo woƒe dzi vɔ̃ɖiwo gblɔ na wo. Wote gbugbɔɖemegbezɔzɔ, eye womezɔ yi ŋgɔ o.


Eya ta dzata ado tso ave me ava dze wo dzi, amegaxi ado tso gbegbe avuvu wo, eye lãkle ava de xa ɖe woƒe duwo ƒe gbɔto, be wòavuvu ame si ake atse ado go la ʋayaʋaya, elabena woƒe aglãdzedze lolo, eye woƒe megbededewo sɔ gbɔ.


Yehowa gblɔ nam be, “Nuteƒemawɔla Israel le dzɔdzɔe wu Yuda, godzela la.


Metsɔ srɔ̃gbegbalẽ na nuteƒemawɔla Israel henyae ɖe eƒe ahasiwɔwɔwo katã ta, gake mekpɔ be nɔvia godzela Yuda mevɔ̃ o; eya hã yi ɖawɔ ahasi.


Esi Fia Yosia nɔ fia ɖum la, Yehowa gblɔ nam be, “Èkpɔ nu si Israel nuteƒemawɔla la wɔa? Eyi ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi eye wòyi ɖe ati dama ɖe sia ɖe te hewɔ ahasi le afi ma.


Aŋlɔ wò nogoe abe abo ene, eye wòatsɔ wò aƒu gbe ɖe anyigba gã aɖe dzi. Afi ma nàku ɖo, eye afi ma wò tasiaɖam ɖablawo atsi. Wò ame si nye ŋukpe na wò aƒetɔ ƒe aƒe.


Ekema alẽwo aɖu gbe abe woawo ŋutɔ ƒe lãnyiƒee wole ene; eye alẽviwo aɖu nu le kesinɔtɔwo ƒe aƒedowo me.


“Evem ŋutɔ be meɖo Saul fiae elabena egagbe toɖoɖom.” Nya siawo wɔ dɔ ɖe Samuel dzi ŋutɔ eya ta wòfa avi na Yehowa to zã blibo la me.


“Makaka mi ɖe dukɔwo dome, eye ne mieyina la, mana aʋa nasi mi. Miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe du gãwo agbã.


Ke womanɔ abe wo fofo kɔlialiatɔwo, dzidzime dzeaglã, ame siwo ƒe dzi meku ɖe Mawu ŋu o, eye woƒe gbɔgbɔ meto nyateƒe nɛ o la ene o.


Adɔ tsidzadza ɖa be wòade tsi nuku siwo mieƒã ɖe agble me. Nuɖuɖu si ado tso miaƒe agble me la anyo, eye wòasɔ gbɔ fũu. Le ŋkeke ma dzi la, wò nyihawo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo.


“Vavãe, mese Efraim wòle nu xam xoxoxo be: ‘Èhe to nam abe nyivi si dze aglã la ene eye mexɔ tohehe la. Gaɖom te eye matrɔ agbɔ elabena wòe nye Yehowa nye Mawu.


Efraim léa be na nyiviwo nyuie, eye blinyɔnyɔ hã dzɔa dzi nɛ; azɔ la matsɔ kɔkuti ade eƒe kɔ nyuie la, eye matsi ɖe tasiaɖam ŋu, Yuda aŋlɔ agble, eye Yakob adzobo anyigba


Aʋa adzɔ le woƒe duwo me; woagbã woƒe agbo sesẽwo, eye woatɔ te woƒe ɖoɖowo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite