Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 4:10 - Agbenya La

10 “Woaɖu nu, ke womaɖi ƒo o. Woawɔ gbolo, gake womadzi ɖe edzi o, elabena wogbe nu le Yehowa gbɔ,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ne woɖu nu la, maɖi ƒo na wo o, eye ne wowɔ ahasi la, womadzi ɖe edzi o, elabena wodzudzɔ ŋkuléle ɖe Yehowa ŋu.

Gade chapit la Kopi




Hosea 4:10
18 Referans Kwoze  

Àɖu nu, ke màɖi ƒo o, eye dɔ anɔ wuwòm ɖaa. Àdzra nu gbogbowo ɖo, ke naneke masusɔ na wò o, elabena ne ɖe susɔ gɔ̃ hã la, matsɔe ade asi na yi.


Magblẽ miaƒe nuɖuɖu ƒe dzɔtsoƒe me, ale be abolokpo ɖeka pɛ ame abolo na ƒome ewo. Ne mieɖu nu sue si aka mia si vɔ la, dɔ agawu mi kokoko.


Mieƒãa nuku taŋtaŋ gake nuku ʋɛ aɖewo ko mieŋena. Mieɖua nu gake meɖia ƒo na mi o. Mienoa nu gake meɖia kɔ na mi o, mietaa avɔ gake medea dzo lãme na mi o. Miexɔa fetu ke ɖeko mietsɔnɛ dea kotoku ŋɔŋɔ me.”


kple ame siwo trɔ le Yehowa yome, eye womedinɛ alo biaa eta sena o la siaa ŋu.”


“Nu ka ta nyemahe to na wo ne wole ahasi wɔm o? Elabena ŋutsuwo ŋutɔ hã dɔna kple gbolowo, eye wosaa vɔ kple gbolowo. Ale ame siwo nye bometsilawo la atsrɔ̃.


“Ke ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ kple ŋukpenanu siwo ame vɔ̃ɖiwo wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi o. Le nuteƒe si mewɔ o kple nu vɔ̃ siwo wòwɔ ta la, aku.


Ame dzɔdzɔe ɖua nu ɖia ƒo, ke dɔ wua ame vɔ̃ɖi ya.


Ke ame siwo trɔ ɖe mɔ gɔglɔ̃ dzi la, Yehowa atsɔ wo aƒu gbe, kpe ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.


Eƒe numenyawo vɔ̃ɖi, henye beble sɔŋ, eye wòdzudzɔ nuwɔwɔ ɖe nunya me kple nu nyui wɔwɔ.


Le Yehoiada ƒe ku megbe la, Israel kplɔlawo va de ta agu na fia la eye fia la ɖo to wo.


Nyitsɔ laa mietrɔ dzi me hewɔ nu si nyo la le nye ŋkume. Mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe gbeƒã ablɔɖe na ehavi. Kura gɔ̃ hã la, miebla nu le ŋkunye me le Aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me.


Le mewò la, ameŋugblẽlawo li, siwo dina vevie be yewoakɔ ʋu ɖi. Le mewò la, amewo li, siwo ɖua nu le nuxeƒewo, le towo dzi, eye wowɔa ŋukpenanuwo.


Wo katã wonye ahasitɔwo sɔŋ. Abe ale si abolomela doa kpodzo wòbinae va se ɖe esime eƒe abolomɔ la ho hafi wòlɔnɛ ene la, nenema ke ame siawo ƒe dzi nɔa bibim ɖe ahasiwɔwɔ ŋu.


Ame kae nye nunyala si ase nu sia gɔme? Ame kae Yehowa fia nu eye wòate ŋu aɖe eme? Nu ka ta anyigba gblẽ eye wowɔe wòle abe gbegbe si ame aɖeke mate ŋu ato ayi o la ene?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite