Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 2:2 - Agbenya La

2 “Mika mo na mia dada, elabena etrɔ zu ŋutsu bubu srɔ̃, eye nyemeganye srɔ̃a o. Mika mo nɛ be wòadzudzɔ ahasiwɔwɔ, eye megatsɔ eɖokui na ŋutsu bubuwo azɔ o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Yuda-viwo kple Israel-viwo aƒo takpli, eye woaɖo tatɔ ɖeka na wo ɖokui aho aʋa atso anyigba la dzi; elabena Yezreel ƒe ŋkeke la teƒe mekɔ o.

Gade chapit la Kopi




Hosea 2:2
22 Referans Kwoze  

Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Afi ka mia dada ƒe srɔ̃gbegbalẽ si metsɔ gbee la le? Alo ame siwo ŋu menyi fe le la dometɔ kae metsɔ mi dzra na? Miaƒe nu vɔ̃wo tae wotsɔ mi dzra ɖo. Miaƒe dzidadawo tae wonya mia dada ɖo.


Ke ŋutsu dzɔdzɔewo ada nyɔnu ahasitɔwo kple ʋukɔɖilawo ƒe tohehe ɖe wo dzi, elabena wonye ahasitɔwo, eye ʋu ƒo asi na wo.


‘Wò ya, dze si wò vodada elabena èdze aglã ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu; ètsɔ wò nunyonamewo ma na dzromawuwo le ati dama ɖe sia ɖe te eye mèɖo tom o.’ ” Yehowae gblɔe.


Ètu wò nuxeƒewo ɖe ablɔ ɖe sia ɖe ƒe seƒe, èɖi gbɔ̃ wò tugbedzedze to wò ŋutilãtsɔtsɔ na ame sia ame si va yina to gbolowɔwɔ vivivo me.


“Ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a, eye nyɔnu la dzo ɖaɖe ŋutsu bubu ɖe, ɖe wòle be ŋutsu gbãtɔ nagatrɔ ayi ɖe nyɔnu la gbɔa? Ɖe womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la keŋkeŋ oa? Ke wò la, ènɔ agbe abe gbolo ene kple lɔlɔ̃tɔ geɖewo. Ɖe nàtrɔ ava gbɔnye azɔa?” Yehowae gblɔe.


Wo dada wɔ ahasi kple ŋutsu bubuwo, eye wodzi wo ɖe ŋukpe me hegblɔ be, ‘Mati ŋutsu bubuwo yome aku ɖe wo ŋuti, be woana nuɖuɖu, tsi, avɔ, ami kple aham.’


Gbedeasi gbãtɔe nye esi: Yehowa gblɔ na Hosea be, “Yi nàɖe ɖetugbi aɖe si nye gbolo, ale be vi siwo wòadzi na wò la, woanye ahasiviwo. Esia aɖe alakpanu siwo wɔm nye dukɔ la le ɖe ŋutinye la afia, wowɔ ahasi to mawu bubuwo subɔsubɔ me, eye wotrɔ le Yehowa yome.”


Gblɔ be, ‘Mise Yehowa ƒe nya. O mi Yuda fiawo kple Yerusalem nɔlawo, ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖo to afii! Mele gbegblẽ he ge ava teƒe sia eye ame sia ame si ase nya sia la ƒe towo me aɖi yeeŋ.


Eya ta tso fifia dzi heyina la, migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke le ŋutilã nu be ame sia nye amegã alo bubume alo be nɔvi kristotɔ aɖe nye nu vɔ̃ wɔla o. Ŋku ma ƒomevie míetsɔ kpɔ Kristoe tsã be enye vɔ̃wɔla, gake fifia la, meganye nenemae míegale ekpɔm o.


Megblɔ tso ame si ŋu wɔna vɔ le le ahasiwɔwɔ ta be, ‘Azɔ la, mina woazãe abe gbolo ene, elabena eya koe nye nu si wònye.’


“Ame vi, àdrɔ̃ ʋɔnu woa? Àdrɔ̃ ʋɔnu woa? Ekema tsɔ wo fofowo ƒe ŋunyɔnuwɔnawo ɖo woƒe ŋkume,


“Eye nètsɔ viŋutsu kple vinyɔnu siwo nèdzi nam la sa nuɖuvɔ na legbawo. Wò gbolowɔwɔ ɖeɖe mesɔ gbɔ oa?


“Yi nàkui ɖe to me na Yerusalem be, “Ale Yehowa gblɔe nye si: “ ‘Meɖo ŋku wò ɖetugbime ƒe nuteƒewɔwɔ dzi, kple ale si nèlɔ̃mee esi nènye nye ŋugbetɔ. Èkplɔm ɖo to gbedadaƒo kple kuɖiɖinyigba dzi.


“Gblɔe kple ɣli, mègadzudzɔ o. Kɔ wò gbe dzi abe kpẽ ene. Gblɔ nye dukɔ ƒe aglãdzedze nɛ kple Yakob ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo nɛ.


“Trɔ ŋkɔ na nɔviwò ŋutsua be Ami, si gɔmee nye ‘Azɔ ènye tɔnye,’ eye nàyɔ nɔviwò nyɔnu la be Ruhama si gɔmee nye ‘Nublanuikpɔkpɔ.’


Eya ta mi kple míaƒe nyagblɔɖilawo miakli nu adze anyi le ŋdɔkutsu kple zã siaa, eye matsrɔ̃ mia dada Israel akpe ɖe mia ŋu.


Atu aflaga na dukɔwo, eye wòaƒo Israelvi siwo woɖe aboyoe la nu ƒu. Aƒo Yuda ƒe vi siwo ka hlẽ ɖe xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi la nu ƒu.


Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ƒe aƒe awɔ ɖeka kple Israel ƒe aƒe la eye wo kple eve la woatso dzigbemenyigba aɖe dzi ava, anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye woƒe domenyinu.”


Ame si gbãa agbowo la adze ŋgɔ na wo eye woato agboawo me ado go. Woƒe fia adze ŋgɔ na wo eye Yehowa anye woƒe kplɔla.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite