Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 14:9 - Agbenya La

9 Ame sia ame si si nunya le la, ase nu siawo gɔme. Ame sia ame si bua ta me la, neɖo to, elabena Yehowa ƒe mɔwo le dzɔdzɔe, eye ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi, ke nu vɔ̃ wɔlawo ya akli nu, adze anyi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Efrayim, legbawo ƒe nya kae tsɔ gbɔnye? Mede toe, eye melé ŋku de eŋu. Sesewu dama menye, dzinye nakpɔ wò kutsetsewo le.

Gade chapit la Kopi




Hosea 14:9
46 Referans Kwoze  

Yehowa ƒe mɔ nye sitsoƒe na ame dzɔdzɔe, ke enye gbegblẽ na nu tovo wɔlawo.


Ame si nye nunyala la, neɖo to nu siawo, eye wòabu Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ŋuti.


Ame si nye Mawu tɔ la ɖoa to Mawu ƒe nyawo. Susu si ta mieɖoa to Mawu ƒe nyawo o ɖo lae nye be mienye etɔwo o.”


Woakɔ ame geɖewo ŋu, awɔ wo dzadzɛe, ɖiƒoƒo aɖeke manɔ wo ŋu o gake ame vɔ̃ɖiwo ya aganɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi ko. Ame vɔ̃ɖi aɖeke mase egɔme o gake nunyalawo ya ase egɔme.


Ke Yehowae nye dzɔdzɔetɔ le wo dome, eye mewɔa nu gbegblẽ aɖeke o. Ŋdi sia ŋdi la, eɖea eƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go, eye ŋkeke aɖeke medanɛ ƒu o. Gake nu vɔ̃ wɔlawo menya ŋukpe o.


Ame kae nye nunyala si ase nu sia gɔme? Ame kae Yehowa fia nu eye wòate ŋu aɖe eme? Nu ka ta anyigba gblẽ eye wowɔe wòle abe gbegbe si ame aɖeke mate ŋu ato ayi o la ene?


Eyae nye Agakpe la. Eƒe dɔ de blibo eƒe wɔnawo katã nyo, eye wodze. Mawu wɔa nuteƒe, eye vɔ̃ mele eŋu o.


Pilato gabiae be, “Ekema fiae nenye nyateƒea?” Yesu ɖo eŋu be, “Ègblɔ nyateƒe be fiae menye. Le nyateƒe me la, susu sia ta wodzim ɖo, eye esia tae meva xexea me ɖo, be maɖi ɖase tso nyateƒe la ŋu. Ame sia ame si xɔ nyateƒe la dzi se la ɖoa tom.”


Ame dzɔdzɔe ƒe mɔ dzi le zɔzrɔ̃e; O! Azɔ, wòe wɔ ame dzɔdzɔe ƒe mɔ wòzrɔ̃.


Eye esi mebu wò ɖoɖowo katã be wole dzɔdzɔe ta la, metsri mɔ gɔglɔ̃ ɖe sia ɖe.


O! Yehowa, menya be wò sewo le dzɔdzɔe, eye le wò dzɔdzɔenyenye la me, nèka hiãm.


Esia masɔ o! Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma tɔgbi, awu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o! Nu ka ta nàhe to na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa ɖekae ɖo? Eme kɔ ƒãa be màwɔ nenema o! Ɖe xexea me blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?”


Eya ta se la le kɔkɔe, eye sedede la le kɔkɔe; ele dzɔdzɔe eye wònyo.


Ɖe nyemewɔ nukunu gã geɖe si ame aɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, anye ne womabu fɔ wo o; wokpɔ nukunu geɖe siawo, gake wolé fu nye kple Fofonye.


Yesu gblɔ nɛ be, “Nye la, ʋɔnudɔdrɔ̃ ta meva xexea me ɖo, be ŋkuagbãtɔwo nakpɔ nu, eye ame siwo le nu kpɔm la nazu ŋkuagbãtɔwo.”


Migblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, ‘Woayra ame siwo xɔa dzinye sena ɖikeke manɔmee.’ ”


Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Maria be, “Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo ene,


Ke nye Amegbetɔ Vi la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, ‘Nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo!’ Ke Mawu ƒe nunya tsoa afia na eɖokui to eƒe nuwɔnawo me.”


“Ke miegblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o.’ ” See, O! Israel ƒe aƒe. Ɖe nye mɔ mele eteƒe oa? Menye miawo boŋ ƒe mɔwoe mele eteƒe oa?


Ke woagbã aglãdzelawo kple nu vɔ̃ wɔlawo siaa gudugudu, eye woatsrɔ̃ ame siwo gbe nu le Yehowa gbɔ.


Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe ŋdi kanya ƒe ɣetotoe ene, eklẽna, gaklẽna ɖe edzi ne ŋu ɖe le eme nyuie.


Wole azɔli dzi tso ŋusẽ me yi ŋusẽ me va se ɖe esime wo dometɔ ɖe sia ɖe nado ɖe Mawu ŋkume le Zion.


Woayra ame siwo ƒe ŋusẽ le mewò, ame siwo ƒe dzi ku ɖe xɔsemɔzɔzɔ ŋuti.


Ke hã la, ame dzɔdzɔewo alé woƒe mɔwo me ɖe asi eye asi dzadzɛtɔwo akpɔ ŋusẽ ɖe edzi.


“Wò Abosam ƒe vi, ame vɔ̃ɖi, wò ameflula si léa fu nu nyui ɖe sia ɖe, ɣe ka ɣie nàdzudzɔ tsitretsitsi ɖe Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔe la ŋu?


eye wodzi Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe ha kple Alẽvi la ƒe ha be, “Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, Wò nuwɔnawo lolo, eye wowɔ nuku. Wò dukɔwo ƒe fia, wò mɔwo le dzɔdzɔe, eye wonye nyateƒe.


Woyɔa ame siwo nunya le woƒe dzi me la be sidzelawo, eye nya vivi doa nufiame ɖe ŋgɔ.


Womagatrɔ ɖe woƒe vɔsamlekpui siwo woawo ŋutɔ wowɔ kple woƒe asiwo la ŋu o, eye womagabu aƒeli kple ɣelégba siwo woawo ŋutɔ wowɔ kple woƒe asiwo la o.


Ekema miayɔm eye matɔ na mi, miado gbe ɖa nam eye maɖo to mi.


“Woagbugbɔ va edzi, eye woaɖe eƒe aklamakpakpɛ maɖinuwo katã kple legba nyɔŋuwo katã ɖa.


Mahlẽ tsi kɔkɔe ɖe mia ŋu, eye mia ŋuti akɔ. Makɔ mia ŋuti tso miaƒe makɔmakɔnyenye katã me, eye maɖe miaƒe legbawo katã ɖa le mia dome.


“Mado ŋusẽ Yuda ƒe aƒe, eye maɖe Yosef ƒe aƒe, magbugbɔ wo agaɖo te, elabena mekpɔ nublanui na wo. Woanɔ abe ɖe nyemegbe nu le wo gbɔ kpɔ o ene, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la, eye matɔ na wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite