Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 14:7 - Agbenya La

7 Amewo aganɔ anyi ɖe eƒe vɔvɔli te bɔkɔɔ, aʋã abe bli ene, aƒo se abe wainti ene, eye axɔ ŋkɔ abe Lebanon ƒe wain ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eƒe alɔwo ava dranyi, adze ani abe amiti ene, eye wòaʋẽ lilili abe Libanon ene.

Gade chapit la Kopi




Hosea 14:7
17 Referans Kwoze  

Ame si nɔ Dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe la agbɔ ɖe eme le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te.


Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku hã la, aganɔ agbe;


“Atiku la amie, atsi, wainkawo atse nyuie, anyigba aʋã eƒe nukuwo, eye ahũ adza tso dziƒo. Matsɔ nu siawo katã ana nye ame siwo susɔ la abe woƒe domenyinu ene.


Manɔ abe ahũdzadza ene na Israel, aƒo se nyuie abe dzogbenya ene, eye wòaƒo ke ɖe to abe Lebanon ƒe sedati ene.


Le ŋkeke eve megbe la, agbɔ agbe mí, le ŋkeke etɔ̃a gbe la, aɖo mí te, eye míanɔ agbe le eŋkume!


anyigba hã aɖo to bli, aha yeye kple ami, eye woawo hã woaɖo to Yezreel ƒe gbe.


Israel ƒe to kɔkɔwo dzie madoe ɖo; aɖe alɔwo, atse ku, eye wòazu sedati nyui aɖe. Xevi ɖe sia ɖe ƒomevi awɔ atɔ ɖe eme. Woakpɔ sitsoƒe le eƒe alɔwo ƒe vɔvɔli te.


Elabena abe ale si nuku mienae ene kple agble si dzi woƒã nu ɖo nana nuku la tsinae ene la, nenemae Aƒetɔ Yehowa ana be dzɔdzɔenyenye kple kafukafu namie le dukɔwo katã ŋkume.


Meyi ɖe azitiwo te, ne makpɔ gbe fɛ̃ siwo le balime, ne makpɔe ɖa be wainkawo te tsetse alo yevuzitiwo ƒo se mahã.


Abe ale si apluti nɔna le avemetiwo dome ene la, nenemae nye nye lɔlɔ̃tɔ le ɖekakpuiwo dome. Melɔ̃a anyinɔnɔ ɖe eƒe vɔvɔli te, eye eƒe kutsetse vivia nunye ŋutɔ.


Togbɔ be mele zɔzɔm le xaxa me hã la, èkpɔ nye agbe ta, eye nèkɔ wò asi dzi do ɖe nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu, hetsɔ wò nuɖusi xɔ nam.


Màgagbɔ agbe mí, be wò dukɔ nàkpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò oa?


Le nyateƒe me, mele egblɔm na mi be, ne bliku la mege ɖe anyigba, eye wòku o la, ekema eya ɖeka tsi anyi. Gake ne eku la, etsea ku geɖe.


Yehowa be: “Le ŋkeke ma dzi la, maɖo to dziƒowo ƒe gbe, dziƒowo hã aɖo to anyigba ƒe gbe,


Nye ŋugbetɔ, wò nuyiwo le vivim abe anyitsito ene, eye notsi kple anyitsi le wò aɖe te. Awu siwo nèdo la le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ abe Lebanon ƒe ʋeʋẽ ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite