Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 13:8 - Agbenya La

8 Madze wo dzi abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi dzoe ene, mavuvu wo akɔ ɖi abe dzatanɔ ene. Lã wɔadã aɖe avuvu wo viwo akɔ ɖi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Medze wo dzi abe sisiblisinɔ, si ŋu woɖe vi le la ene, maflo tsrokpa da le woƒe dzi ŋu, maɖu wo abe dzatanɔ ene, eye gbemelãwo avuvu wo.

Gade chapit la Kopi




Hosea 13:8
11 Referans Kwoze  

Ènya fofowò kple eƒe amewo nyuie, ènya be wonye aʋawɔla sesẽwo. Ɖewohĩ David ƒe mo nyra ɖa abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi le egbɔ la ene. Aʋawɔla xɔŋkɔ, kpɔnuteƒee fofowò nye, ne zã do la, mamlɔ aʋawɔlawo dome o.


Ɖe nye domenyinu mezu xeƒonu ŋɔŋɔe si xeƒonu bubuwo ƒo xlãe eye wodze edzi oa? Yi nàƒo lã wɔadãwo katã nu ƒu vɛ ne woava vuvu nu.


Miva, mi lã wɔadãwo katã. Miva ne miavuvu nu, mi avemelã wɔadãwo katã!


Woƒe gbeɖeɖe le abe dzata tɔ ene, eye woɖea gbe abe dzataviwo ene. Wotea gbe heléa nu, eye wotsɔa nu si wolé la dzonae, ame aɖeke mate ŋu axɔe le wo si o.


Enyo be nàdo go sisiblisi si ŋu woɖe viwo le wu esi nàdo go bometsila le eƒe bometsitsi me.


Gbehawo nya avuzi le edzi, eye gbemelãwo ɖui.


“Bu esia ŋuti, wò ame si ŋlɔ Mawu be, ne menye nenema o la, mavuvu wò kakɛkakɛ, eye ame aɖeke maxɔ wò le asinye o.


Agblẽ eƒe ave ɖi abe dzata ene, eye woƒe anyigba azu gbegbe le ameteɖetola ƒe yi kple Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.


Magblẽ eƒe waingblewo kple gbotiwo, agble siwo wògblɔ be yeƒe lɔlɔ̃tɔwoe na ye. Mana agblewo nato gbe azu ave, eye gbemelãwo ava ɖu kutsetseawo katã.


Manye dzata ɖe Efraim ŋu, eye manye dzatavi ɖe Israel ƒe aƒe la ŋu. Nye, ɛ̃, nye ŋutɔ mavuvu wo ʋayaʋaya adzo; malé wo adzoe, eye ame aɖeke maxɔ wo le asinye o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite