Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 13:4 - Agbenya La

4 “Nye ɖeka koe nye Yehowa, miaƒe Mawu, eye alea ko mele tso esime ke mekplɔ mi do goe tso Egipte. Mawu bubu aɖeke mele mia si o, negbe nye ko, elabena ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋutinye o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke nyee nyee Yehowa, wò Mawu, tso Egipte-nyigba dzi ke, menye mawua ɖeke kpe ɖe ŋunye o, eye xɔnametɔa ɖeke meli abe nye ene o.

Gade chapit la Kopi




Hosea 13:4
14 Referans Kwoze  

“Yehowa ɖeka kple Mawu ɖeka ma, si ɖe wò tso kluvinyenye me le Egipte lae menye, eye nye kee ana mianɔ agbadɔwo me abe ale si miewɔnɛ ƒe sia ƒe le Agbadɔmeŋkekenyuiɖuɖu me ene.


elabena nye Yehowa, wò Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò ɖela. Metsɔ Egipte ƒle tawò, eye Kus kple Seba axɔ ɖe tewòƒe.


Yesu ɖeka pɛ ko dzi ame sia ame ato hafi akpɔ xɔxɔ, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te si wona amegbetɔwo, esi me wòle be míakpɔ xɔxɔ la le o.”


Ke mawuwo dometɔ kawoe le dukɔ siawo katã me si te ŋu ɖe eƒe anyigba tso nye asi me kpɔ hafi Yehowa ya ate ŋu aɖe Yerusalem tso nye asi me?”


Afi ma magbugbɔ eƒe waingble la nɛ, eye matrɔ eƒe Nuxaxa ƒe Balime la wòazu Mɔkpɔkpɔ ƒe Agbo. Adzi ha kple dzidzɔ abe ale si wònɔ nɛ le eƒe ɖetugbime esi wòdo go tso Egipte ene.”


Mabla wò le anukwareɖiɖi me ɖe ɖokuinye ŋu, eye àva nya Yehowa wu tsã.”


“Esi Israel nye ɖevi la, melɔ̃e, eye Egipte meyɔ vinye la tsoe, abe vinye ŋutsu ene.


Medɔ nye nyagblɔɖilawo be woaxlɔ̃ nu mi to ŋutega, drɔ̃ekuku kple lododowo me.”


Ale Yehowa ɖe gbe na ƒumelã la, eye wòyi ɖatu Yona ɖe anyigba ƒuƒui dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite