Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 13:15 - Agbenya La

15 “Togbɔ be eyae de ŋgɔ wu le nɔviawo dome hã la, ɣedzeƒeya tso Yehowa gbɔ aƒo tso gbegbe ava. Eƒe tsiwo amie, eye vudowo me aƒu kplakplakpla. Woaha eƒe nudzraɖoƒewo, eye woalɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Elabena ne enye ati tseku le naviawo dome hã la, ɣedzeƒeya aƒo, Yehowa ƒe ahom atu tso gbegbe, ale be eƒe vudowo amie, eye eƒe tsidzɔƒewo aƒu, eye woaha eƒe kesinɔnu veviwo katã.

Gade chapit la Kopi




Hosea 13:15
27 Referans Kwoze  

Ke wotsoe ƒu anyi le dɔmedzoe me. Ɣedzeƒeya na wòyrɔ, eye woɖe eƒe kutsetsewo ɖa le eŋu. Eƒe alɔ sesẽawo ku, eye dzo fia wo.


Ne woahoe ado gɔ̃ hã ɖe, adzea? Ɖe maku keŋkeŋ ne ɣedzeƒeya ƒo lɔe oa? Ɖe maku le afi si wòtsi le oa?’ ”


Le ɣe ma ɣi la, woagblɔ na ame siawo kple Yerusalem be, “Ya xɔdzo aɖe ƒo tso to ƒuƒluwo dzi to gbegbe gbɔna va nye amewo gbɔ gake menye wòagbɔ nu alo aklɔ nu ta o.


“Yosef nye kutsetseti aɖe si le tsi dzidzi to, eɖe alɔwo, eye wòɖo vɔvɔli ɖe gliwo dzi.


Ena ŋkɔ Via ŋutsu evelia be Efraim si gɔmee nye “Kutsetse,” elabena egblɔ be, “Mawu na metse ku le teƒe sia, afi si menye kluvi le.”


Miha klosalowo! Mìha sika! Kesinɔnuwo sɔ gbɔ fũu, xexlẽme meli na nu xɔasi siawo o.


Kpɔ ale si kesinɔnuwo yɔ Israel ɖa! Israel le abe wainka si vu, eye wòtse ku kplanya la ene. Ale si ke wòtse ku geɖewoe la, nenema ke wòtua vɔsamlekpuiwoe. Zi ale si meyra ɖe eƒe anyigba dzi la, zi nenema ke wòliaa legba dzɔtsuwoe.


Efraim ƒe ŋutikɔkɔe dzo, dzo abe xevi ene, eya ta womadzi vi o, womafɔ fu o, eye womado fu hã o


eya ta ya sesẽ aɖe ava ƒo wo adzoe, eye woƒe vɔsawo ahe ŋukpe vɛ na wo.


Axɔ woƒe mawuwo le wo si, woƒe gayibɔlegbawo kple woƒe nu vevi siwo nye klosalo kple sika eye wòatsɔ wo adzoe ayi Egipte. Ana gbɔdzɔe Anyiehefia ƒe aɖewo.


Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maʋli tawò eye mabia hlɔ̃ na wò. Mana eƒe atsiaƒu namie ƒiaƒiaƒia eye eƒe vudowo me naƒu kplakplakpla.


Matsɔ du sia ƒe kesinɔnuwo, adzɔnuwo, nu xɔasiwo kple Yuda fia ƒe kesinɔnuwo adzoe. Woatsɔ wo adzoe abe nuhaha ene ayi Babilonia kee.


Àgbɔ wo, ya aƒo wo adzoe, eye ahomuya alɔ wo ɖe nu, ke wò ya, àdzɔ dzi ɖe Yehowa ŋu, eye àtso aseye ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu.


Togbɔ be ameawo le hoo wɔm abe tsi sesẽwo ƒe hoowɔwɔ ene hã la, ne èblu ɖe wo ta la, wosina yia megbe ke. Èɖe wo ɖe ŋu abe gbe ƒuƒuwo le towo dzi kple yali le ahom nu ene.


Dzra teƒe ɖo ne nàwu ŋutsuwo le afi ma, ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta. Womatsi tsitre be woanyi anyigba la ƒe dome, eye woatso du gãwo, wòaxɔ anyigba la dzi o.


Eƒe dzidzimeviwo netsrɔ̃, eye woaɖe woƒe ŋkɔwo ɖa le dzidzime si gbɔna la me.


Mele alea na ame vɔ̃ɖi ya o! Wole abe blitsro si ya ƒona dzonae la ene.


Eƒe kewo yrɔna le ete ke eye eƒe aŋgbawo yrɔna le eƒe tame.


Ele abe nyitsuvi ene Le ŋusẽ kple ɖekadzedze me. Eto dzo abe to ƒe dzowo ene; Wòawo wòatsɔ tu dukɔwo aƒu anyi le afi sia afi. Esiae nye nye yayra na Efraim ƒe ame akpe nanewo kple Manase tɔ akpe akpewo.”


Ke fofoa gbe hegblɔ nɛ be, “Vinye, menya nu si wɔm mele. Manase hã azu dukɔ gã aɖe, ke nɔvia suetɔ azu dukɔ gã wu.”


Enumake bli bubu adre gado ɖe bliti la dzi, ke esiawo ya meʋã kura o, eye ɣedzeƒeya na woyrɔ.


To aʋawɔwɔ kple aboyomeyiyi me, ètu nu kplii, etsɔ eƒe gbeɖeɖe dziŋɔ la nyae do goe abe gbe si gbe ɣedzeƒeya ƒo la ene.


Ya sia sẽ ŋutɔ elabena etso gbɔnye. Azɔ la, mehe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ va wo dzii.”


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maʋã nugblẽla aɖe ƒe gbɔgbɔ ɖe Babilonia kple ame siwo le Leb Kamai ŋuti.


Ne egbe gale edzi la, maɖe avɔ le eŋuti wòanɔ amama abe gbe si gbe wodzii ene, eye mana wòasɔ kple gbegbe, anɔ abe kuɖiɖinyigba ene, eye mana tsikɔ nawui wòaku.


Esi ɣe dze la, Mawu na ŋdɔ sesẽ la kplɔ ɣedzeƒeya xɔdzo aɖe va ƒo ɖe Yona dzi va se ɖe esime nu te eŋu vevie, eye wòbia be yeaku, elabena egblɔ be, “Enyo nam be maku wu manɔ agbe.”


Bli adre bubuwo gado ɖe bliti ma ke dzi, ke woawo meʋã o, ke boŋ woyrɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite