Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 13:10 - Agbenya La

10 Afi ka miaƒe fia la le? Nu ka wɔ miayɔe ne wòaxɔ na mi o? Afi ka miaƒe dumegãwo katã le? Ame siwo ŋuti miegblɔ le be, ‘Na fia kple dumegãwo mí’ la le? Eya ta miyɔ wo woava xɔ na mi!

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Afika wò fia le azɔ, ne wòaxɔ na wò le wò duwo katã me, eye afika wò ʋɔnudrɔ̃lawo le, amesiwo ŋu nègblɔ le be: „Na fia kple amegãwom?“

Gade chapit la Kopi




Hosea 13:10
26 Referans Kwoze  

Woɖo fiawo, gake womebia gbem hafi o, eye wotia dumegã siwo dzi nyemeda asi ɖo o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe na wo ɖokui hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃.


Ekema woagblɔ be, “Fia aɖeke megale mía si o, elabena míede bubu Yehowa ŋu o. Ke ne fia le mía si hã la, nu ka wòawɔ na mí?”


Nataniel gblɔ be, “Nufiala, wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã. Wòe nye Israel ƒe fia la!”


Yehowa aɖu fia ɖe anyigba blibo la dzi. Gbe ma gbe la, Yehowa ɖeka koe anɔ anyi, eye eya ko ƒe ŋkɔe anɔ anyi.


“Nye ɖeka koe nye Yehowa, miaƒe Mawu, eye alea ko mele tso esime ke mekplɔ mi do goe tso Egipte. Mawu bubu aɖeke mele mia si o, negbe nye ko, elabena ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋutinye o.


Ɖo to nye dukɔ ƒe avifafa tso anyigba didi aɖe dzi, “Ɖe Yehowa mele Zion oa? Ɖe Fia la megale afi ma oa?” “Nu ka ta wotsɔ woƒe aklamakpakpɛwo kple dutalegba maɖinuwo do dziku nam ɖo?”


Ekema afi ka gɔ̃e mawu siwo miewɔ na mia ɖokuiwo la le? Woneva ne woate ŋu aɖe mi, ne mieɖo xaxa me! O Yuda, wò mawuwo sɔ gbɔ abe wò duwo ene.”


Nyee nye Yehowa, miaƒe Kɔkɔetɔ la, Israel Wɔla kple miaƒe Fia.”


elabena Yehowae nye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la. Yehowae nye ame si wɔ sewo na mí, eye Yehowae nye míaƒe fia. Eyae nye ame si aɖe mí.


Israel nekpɔ dzidzɔ le woƒe Wɔla me, Zionviwo netso aseye ɖe woƒe fia la ŋu.


Vavã, míaƒe akpoxɔnu nye Yehowa tɔ, miaƒe fia nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.


Ke wò la, O Mawu, wòe nye fianye tso blema ke; wòe tsɔ ɖeɖe va anyigba la dzi.


Wòe nye nye Fia kple nye Mawu, wòe he dziɖuɖuwo vɛ na Yakob.


Yehowae nye fia tso mavɔ me yi mavɔ me; dukɔwo atsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi.


Fia Hosea wɔ babla kple Egipte fia So, be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖe ye ɖokui ɖa le Asiria fia ƒe ŋusẽ te. Ke Asiria fia va nya nu tso babla sia ŋu. Gawu la, Hosea gbe megaxea ga la na Asiria fia o. Ale Asiria fia lé Hosea de gaxɔ me eye wòde kɔsɔkɔsɔe ɖe eƒe aglãdzedze ta.


Esi Israel ƒe to bubu me tɔwo se be Yeroboam gbɔ tso Egipte la, woyɔe be wòava do go ameawo katã. Woɖoe fiae ɖe Israel dzi le afi ma. Yuda kple Benyamin ƒe towo koe nɔ fia siwo nye David ƒe dzidzimeviwo la te.


Le ɣeyiɣi didi siwo gbɔna me la, fia alo amegã manɔ Israel si o, vɔsasa, legba, kɔmewu alo aklamakpakpɛ ŋutɔ gɔ̃ hã manɔ wo si o!


Wo katã woxɔ dzo abe kpodzo ene, eye wofiaa woƒe kplɔlawo. Woƒe fiawo katã mu dze anyi, gake ɖeke meyɔm kpɔ o.


Yehowa gblɔ na Samuel be, “Wɔ nu si wobia tso asiwò la na wo elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe abe woƒe fia ene.


Yehowa ƒe amesiamina la, si nye míaƒe agbegbɔgbɔ gɔ̃ hã ge ɖe woƒe mɔ me. Míebu xaa be le eƒe vɔvɔli te la, míanɔ dedie le dukɔwo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite