Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 12:1 - Agbenya La

1 Efraim ƒua du kplɔa ya ɖo, etia ɣedzeƒeya yome ŋkekea katã, eye wòdzia alakpa kple ŋutasesẽ ɖe edzi. Ebla nu kple Asiria, eye wòɖo ami ɖe Egipte.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Efrayim tsɔ alakpadada ɖe to ɖem, eye Israel ƒe aƒe la tsa amefuflu ɖe to ɖem, ke Yuda gale eɖokui trɔm ɖe tsiƒo agbaƒo na eƒe Mawu, na kɔkɔetɔ nyateƒetɔ la ko.

Gade chapit la Kopi




Hosea 12:1
20 Referans Kwoze  

Efraim ƒo xlãm kple alakpa, eye Israel ƒe aƒe la ƒo xlãm kple beble. Yuda gadze aglã ɖe Mawu ŋuti, eye wòtsi tsitre ɖe anukwaretɔ kple Kɔkɔetɔ la gɔ̃ hã ŋu.


“Woƒã ya, eya ta woaŋe ahomya. Woƒe bliwo magbã ahadza o, eya ta ahɔ̃litiwo matse ku o, eye ne bli anɔ blitikpui aɖewo ŋu hã la, amedzrowo ahae aɖu.


“Esi Efraim kpɔ eƒe dɔléle, eye Yuda hã kpɔ eƒe abiwo ta la, Efraim trɔ ɖe Asiria ŋu, eye wòdɔ ame ɖo ɖe fiagã la gbɔ, gake mate ŋu ada gbe le mia ŋu, ana miaƒe abiwo naku o.


Ne woahoe ado gɔ̃ hã ɖe, adzea? Ɖe maku keŋkeŋ ne ɣedzeƒeya ƒo lɔe oa? Ɖe maku le afi si wòtsi le oa?’ ”


Yaƒoƒo akplɔ wò alẽkplɔlawo katã adzoe, eye woaɖe aboyo wò lɔlɔ̃tɔwo katã. Ekema ŋu akpe wò eye woado vlo wò le wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi gbogboawo ta.


“Ɖe nunyala aɖo nya ŋu kple susu gbɔlo alo ana ɣedzeƒeya xɔdzo nayɔ eƒe dɔ mea?


Pul, Asiria fia ho aʋa ɖe Israel ŋu eye Menahem tsɔ klosaloga kilogram akpe blaetɔ̃ vɔ ade nɛ be wòakpe ɖe ye ŋu fiaɖuƒe la nanɔ ye si.


Enumake bli bubu adre gado ɖe bliti la dzi, ke esiawo ya meʋã kura o, eye ɣedzeƒeya na woyrɔ.


Nu ka ta nèle yiyim nenema gbegbe le wò mɔwo trɔm? Egipte ana ŋu nakpe wò abe ale si Asiria hã na ŋu kpe wò ene.


Manya mi ɖa tso nye ŋkume abe ale si mewɔ mia nɔvi Efraimviwo ene.’


Míetsɔ mía ɖokui dzra na Egipte kple Asiria be míakpɔ abolo aɖu.


eya ta ya sesẽ aɖe ava ƒo wo adzoe, eye woƒe vɔsawo ahe ŋukpe vɛ na wo.


“Efraim le abe ahɔnɛ movitɔ aɖe ene, eyɔa Egipte be wòakpe ɖe ye ŋuti, eye wòdzona yia Asiria.


Gawu la, Yehoram wɔ nuxeƒewo ɖe Yuda ƒe towo dzi eye wòzi eƒe amewo dzi be woasubɔ legbawo.


Ke emegbe la, wotsɔa woƒe nu flunɛ, eye wotsɔa woƒe aɖe daa alakpa nɛ.


“Togbɔ be Israel le gbolo wɔm hã la, esia wɔwɔ nete ɖa xaa tso Yuda gbɔ. “Mègayi Gilgal o, eye mègayi Bet Aven o. Mègaka atam agblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ o.


Ne medi be mada gbe le Israel ŋu la, ekema Efraim ƒe nu vɔ̃wo dzea go, eye wokloa nu le Samaria ƒe nu vɔ̃wo dzi, elabena woblea ame, gbãa ʋɔ, fia fi, eye wodaa adzo le mɔtata dzi.


Gbeɖe, nyemahe to na mi abe ale si nye dziku helĩhelĩ le gbɔgblɔm nam ene o, eye nyemagbã Efraim gudugudu hã o, elabena Mawue menye, eye menye amegbetɔe menye o. Nyee nye Kɔkɔetɔ si le mia dome eye nyemava le dziku me be magblẽ nu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite