Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 11:7 - Agbenya La

7 Nye dukɔ ɖoe kplikpaa be yeagbem. Esia ta ne woyɔ Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la gɔ̃ hã la, womakpɔ xɔxɔ o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Aglãdzedze de ŋunye vivia nye dukɔ nu, eye ne woyɔ wo ɖo ta dzi hã la, wo ɖometɔa ɖeke mefɔa eɖokui dzi o.

Gade chapit la Kopi




Hosea 11:7
18 Referans Kwoze  

Ekema nu ka ta ame siawo trɔ dzo ɖo? Nu ka ta Yerusalem le megbe dem ɣe sia ɣi? Woku ɖe beble ŋuti eye wogbe be yewomatrɔ o.


“Ekema mada gbe le woƒe mɔtatra ŋu, eye magalɔ̃ wo kple dzi faa, elabena nye dɔmedzoe nu afa keŋ.


Zi ale si meyɔe la, zi nenema ke wòtrɔ megbe dem, hele vɔ sam na Baalwo, eye wòle dzudzɔ ʋeʋĩ dom na legbawo.


Wometrɔ ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu o. Wole abe dati si daa dadagbo la ene, eya ta woƒe kplɔlawo atsi yi nu ɖe nya vlo si dona le woƒe nu me la ta. Esia ta woaɖe alɔme le wo ŋuti le Egiptenyigba dzi.


Yehowa gblɔ nam be, “Nuteƒemawɔla Israel le dzɔdzɔe wu Yuda, godzela la.


Woaxe fe na tosẽlawo le woƒe mɔwo ta eye nenema ke ame nyui hã axɔ eƒe fetu.


“Ke nye dukɔ meɖo to nye gbe o; Israel gbe, mebɔbɔ eɖokui nam o,


Mèganɔ abe Israel ene o, wole abe nyitsu dzeaglã ene ɖe Yehowa ŋu, ɖe Yehowa ate ŋu akplɔ wo yi gbe damawo dzi abe alẽvi enea?


O Yehowa, togbɔ be míaƒe nu vɔ̃wo le ɖase ɖim tso mía ŋuti hã la, wɔ nane le wò ŋkɔ la ta, elabena míaƒe megbedede sɔ gbɔ, eye míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò.


Togbɔ be wovea ame vɔ̃ɖiwo nu hã la, womesrɔ̃a dzɔdzɔenyenye o; le dzɔdzɔenyenye ƒe anyigba dzi gɔ̃ hã la, wogale nu tovowo wɔwɔ dzi ko, eye womekpɔ Yehowa ƒe gãnyenye o.


Miaƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ahe to na mi eye miaƒe megbedede aka mo na mi. Bu eŋu nàdze si ale si wòavɔ̃ɖi na wò, ahave wòe esi nègblẽ Yehowa, wò Mawu la ɖi, eye mèvɔ̃m o la ta.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Tso gbe si gbe mia fofowo ʋu tso Egipte va se ɖe fifia la, meɖo nye nyagblɔɖilawo ɖe mi gbe sia gbe kple ga sia ga me.


Gake womeɖo to alo see nam o. Wonye kɔlialiatɔwo, eye wowɔ nu vɔ̃ɖi wu wo fofowo.’


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite