Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 11:5 - Agbenya La

5 “Nye dukɔ agatrɔ ayi Egipte, eye Asiria aɖu wo dzi, elabena wogbe dzimetɔtrɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Womagagbugbɔ ayi Egipte-nyigba dzi o, ke boŋ Asur nenye woƒe fia, elabena wogbe tametɔtrɔ.

Gade chapit la Kopi




Hosea 11:5
20 Referans Kwoze  

Wometrɔ ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu o. Wole abe dati si daa dadagbo la ene, eya ta woƒe kplɔlawo atsi yi nu ɖe nya vlo si dona le woƒe nu me la ta. Esia ta woaɖe alɔme le wo ŋuti le Egiptenyigba dzi.


Wowua nye vɔsalãwo hena lã la ɖuɖu, gake woƒe nu menyoa Yehowa ŋu o. Azɔ aɖo ŋku woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi, eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃ ta, ale woagatrɔ ayi Egipte.


Ne Asiriatɔwo ɖe aboyo wo mlɔeba la, woatsɔ woƒe nyivimawu la ana Asiria fia, Yareb, abe nunana ene. Ŋukpe alé Efraim, eye Israel ƒe mo atsi yaa le eƒe legbawo ta.


Miaganɔ anyigba si nye Yehowa tɔ la dzi o, Efraim atrɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔwo le Asiria.


eya ta maɖo mi ɖe aboyo me le Damasko godo.” Yehowa, ame si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe.


“Medɔ dɔwuame ɖe miaƒe duwo me, gake mewɔ naneke le mia ŋuti o, eye miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.


Elabena ne wosi le gbegblẽ nu la, Egipte aƒo wo nu ƒu, eye Memfis aɖi wo. Woƒe klosalonu veviwo alé ɣebia, eye aŋɔka avu atsyɔ woƒe agbadɔwo dzi.


“Miva, mina míatrɔ ayi Yehowa gbɔ, elabena eyae vuvu mí, eya koe ate ŋu ayɔ dɔ mi. Eyae de abi mía ŋuti, eye eyae abla abi la na mí.


“Esi Efraim kpɔ eƒe dɔléle, eye Yuda hã kpɔ eƒe abiwo ta la, Efraim trɔ ɖe Asiria ŋu, eye wòdɔ ame ɖo ɖe fiagã la gbɔ, gake mate ŋu ada gbe le mia ŋu, ana miaƒe abiwo naku o.


Eƒe fiaɖuɣi mee Asiria fia, Tiglat Pilser, ame si wogayɔna be Pul la ho aʋa ɖe Israel ŋu. Du siwo dzi wòɖu la woe nye Iyɔn, Abel Bet Maka, Yanoa, Kedes kple Hazor. Exɔ Gilead kple Galilea hã hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu. Eɖe aboyo amewo yi Asiria.


Pul, Asiria fia ho aʋa ɖe Israel ŋu eye Menahem tsɔ klosaloga kilogram akpe blaetɔ̃ vɔ ade nɛ be wòakpe ɖe ye ŋu fiaɖuƒe la nanɔ ye si.


Kpɔ egbɔ be meƒle sɔ geɖewo na eɖokui o, eye medɔ eƒe amewo ɖe Egipte be woaƒle sɔwo tso afi ma vɛ na ye hã o, elabena Yehowa gblɔ na wò be, ‘Mègatrɔ yi Egipte gbeɖe o.’


“Metsrɔ̃ miaƒe du aɖewo abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomorae ene; ame siwo susɔ la le abe atikpo si woɖe tso dzo me la ene, gake miegbe, mietrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite