Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 11:4 - Agbenya La

4 Mekplɔ wo kple dɔmenyo ƒe ka, eye mebla wo kple lɔlɔ̃. Meɖe kɔkuti la le woƒe kɔ, eye mebɔbɔ na nuɖuɖu wo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Mede amegbetɔwo ƒe atagbi, si nyee lɔlɔ̃ka la wo he, mena na wo abe amesiwo ɖea kɔkuti le kɔ la ene, eye mena nuɖuɖu wo.

Gade chapit la Kopi




Hosea 11:4
14 Referans Kwoze  

Gake nye la, ne wokɔm ɖa tso anyigba la, mahe amewo katã ɖe ɖokuinye ŋu.”


elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi, ale be miaganye kluviwo azɔ o. Meɖe kɔkuti le kɔ dzi na mi, ale be miazɔ abe ablɔɖemewo kple bubumewo ene.’ ”


Menye mía ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ ta míele nu sia nu si wɔm míele la wɔm ɖo o; míele ewɔm, elabena Kristo ƒe lɔlɔ̃ le mía kplɔm. Esi míexɔe se be Aƒetɔ Yesu Kristo ku ɖe mí katã ta la, ele be míawo hã míaxɔe se be míeku na agbe xoxo siwo míenɔna tsã la.


Menyae be nyee naa bli, aha yeye, ami, sika kple klosalo si wòtsɔ le eƒe mawu, Baal subɔmii la ye o.


Eya hã xaxa le woƒe xaxawo katã me, eye mawudɔla si dzi wòwɔa dɔ tonae la ɖe wo. Eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ta. Efɔ wo ɖe dzi, eye wòtsɔ wo le blemaŋkekeawo katã me,


Kplɔm ɖe asi, na míaɖe abla! Fia la nekplɔm yi eƒe xɔ mee. Míatso aseye, akpɔ dzidzɔ ɖe ŋutiwò, eye míakafu wò lɔlɔ̃ wu wain. Ele eteƒe be wole lɔ̃wòm alea!


Wobiae, eye wòna tegliwo woɖu, eye wòtsɔ dziƒobolo ɖi ƒo na woe.


Manye fofo nɛ eye eya hã anye vi nam. Ne ewɔ nu vɔ̃ la, mawɔ dukɔ bubuwo ŋu dɔ atsɔ ahe to nɛ,


Mose gblɔ be, “Ale Yehowa de see nye esi, ‘Tsɔ mana lita ɖeka, dzrae ɖo hena dzidzime siwo ava dzɔ, ale be woate ŋu akpɔ abolo si mena mi mieɖu le gbedzi, esi mekplɔ mi do goe le Egipte.’ ”


Yehowa ɖeka koe nɔ ekplɔm mawu bubu aɖeke mekpe ɖe eŋu o.


Ena notsi kple lãe agbotsuwo kple gbɔ̃ damiwo Basantɔwo ƒe agbotsuwo kple gbɔ̃wo, Ena bli doku nyuitɔe Ena wòno wain nyuitɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite