Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 11:2 - Agbenya La

2 Zi ale si meyɔe la, zi nenema ke wòtrɔ megbe dem, hele vɔ sam na Baalwo, eye wòle dzudzɔ ʋeʋĩ dom na legbawo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Wova wo, ke wotrɔ ʋume ɖe ame: Wosa vɔ na Baalwo, eye wodo dzudzɔ na legbawo.

Gade chapit la Kopi




Hosea 11:2
28 Referans Kwoze  

Mahe to nɛ ɖe ɣeyiɣi siwo wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ na Baalwo, eƒe legba Baal, eye wòde eƒe togɛ kple kɔsɔkɔsɔwo, hedze eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome, hegblẽm ɖi. Yehowae gblɔe.


Ke nye amewo ŋlɔm be hedoa dzudzɔ ʋeʋĩ na legba maɖinu siwo nana be woklia nu le woƒe toƒewo kple blemamɔwo dzi. Wonana be wozɔa mɔ siwo to duwo xa kple mɔ siwo menye mɔ dodowo o la dzi.


miaƒe nu vɔ̃wo kple mia fofowo tɔwo siaa, elabena wosa vɔ le towo tame, eye wodo tokum le togbɛwo dzi. Madzidze woƒe tohehe wòayɔ banaa, maɖo akɔ na wo ɖe woƒe tsã nu vɔ̃wo ta.” Yehowae gblɔe.


Nye dukɔ ɖoe kplikpaa be yeagbem. Esia ta ne woyɔ Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la gɔ̃ hã la, womakpɔ xɔxɔ o.


“Mi tosesẽtɔ siawo, ɖe wòle be miasẽ dzime atsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ɣe sia ɣia? Ɛ̃, Alea tututu mia tɔgbuiwo wɔe nye esi, eye eya ƒomevi ko wɔm miawo hã miele.


Nu si ta wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo lae nye be Kekeli tso dziƒo va xexea me, gake ame siawo lɔ̃ viviti wu Kekeli la, elabena woƒe nuwɔnawo vɔ̃ɖi ŋutɔ.


“O, Yerusalem, Yerusalem! Du si me tɔwo wua nyagblɔɖilawo, eye woƒua kpe ame siwo woɖo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu la. Zi geɖe la, medina vevie bena maƒo mia viwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋala te ene, gake mieɖe mɔ nam o.


“Mia fofowo gbe toɖoɖo gbedeasi sia, wolia ʋume kpakoo, eye wotsɔ asibidɛ xe to me be yewomagase nye nya la o.


“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi nàgblɔ na Yuda ŋutsuwo kple Yerusalem nɔlawo be, ‘Miele nu srɔ̃ ge awɔ ɖe nye nyawo dzi oa?’ Yehowae gblɔe.


Ègbɔ dzi ɖi na wo ƒe geɖewo, eye to wò Gbɔgbɔ dzi la, èna nyagblɔɖilawo ƒo nu na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ke womeɖo to wo o. Ale nègana dukɔ siwo subɔa trɔ̃wo la gaɖu wo dzi.


Azɔ la, yɔ Israel katã, Baal ƒe nyagblɔɖila alafa ene blaatɔ̃ kple aƒeli ƒe nyagblɔɖila alafa ene siwo ɖua nu le Yezebel ƒe kplɔ̃ ŋu ƒo ƒu ɖe gbɔnye le Karmel to dzi.”


Le ɣleti enyilia, ɣleti si eya ŋutɔ tia la ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, esaa vɔwo le vɔsamlekpui si wòtu ɖe Betel la dzi. Ale wòɖo ŋkekenyui la anyi na Israelviwo eye wòyina ɖasaa vɔwo le vɔsamlekpui la dzi.


Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Wosubɔ Baalwo kple Astarɔtwo kple Aramtɔwo, Sidontɔwo, Moabtɔwo kple Amonitɔwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo. Esi Israelviwo gbe nu le Yehowa gbɔ eye womegasubɔnɛ o ta la,


Ale Israelviwo wɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, elabena wotrɔ le Yehowa, woƒe Mawu la yome eye wosubɔ Baalwo kple aƒeliwo.


wogblẽe ɖi eye wosubɔ Baalwo kple Astarɔtwo.


Miganɔ abe mia fofowo ene o, ame siwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mitrɔ le miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye miaɖe asi le miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋuti.’ Gake wogbe toɖoɖom, eye wometsɔ ɖeke le eme nam o.


Wosaa vɔ le towo tame, eye wodoa dzudzɔ le togbɛwo dzi, le ati gãwo ƒe vɔvɔli fafɛ te. Afi siae viwò nyɔnuwo wɔa gbolo le, eye wò toyɔvi nyɔnuwo wɔa ahasi le.


Ke womeɖo to alo tsɔ ɖeke le eme o; Womeɖe asi le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ŋu alo dzudzɔ dzudzɔʋeʋĩdodo na mawu tutɔwo o,


Mègate ɖe Efraim ŋu kura o, elabena edo ka kple legbawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite