Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 10:5 - Agbenya La

5 Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le woƒe nyivimawu si le Bet Aven ta. Esubɔlawo le nu xam le eta, eye vodua ƒe nunɔlawo axa nu le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ la ta.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le Bet-Awen ƒe nyivi la ŋuti; elabena esubɔlawo le nu xam le eta, eye eƒe trɔ̃nuawo le dzodzom nyanyanya, le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ ta.

Gade chapit la Kopi




Hosea 10:5
20 Referans Kwoze  

Efraim ƒe ŋutikɔkɔe dzo, dzo abe xevi ene, eya ta womadzi vi o, womafɔ fu o, eye womado fu hã o


“Miku lãdzo le Gibea, eye miaku kpẽ le Rama. Mido aʋaɣli sesĩe le Bet Aven. O Benyamin, kpɔ megbewò ɖa!


“Togbɔ be Israel le gbolo wɔm hã la, esia wɔwɔ nete ɖa xaa tso Yuda gbɔ. “Mègayi Gilgal o, eye mègayi Bet Aven o. Mègaka atam agblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ o.


Eɖe trɔ̃nua siwo Yuda fia xoxowo ɖo be woado dzudzɔ ʋeʋĩ le nuxeƒewo le Yuda duwo kple du siwo ƒo xlã Yerusalem la ɖa, ame siwo do dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal, ɣe kple ɣleti, ɣletiviwo kple dziƒoŋunuwo.


“Ke azɔ la, woƒe aglãdzedze la va de ŋgɔ. Wotsɔ woƒe klosalo na aɖaŋuwɔlawo, ame siwo lolõ wo tsɔ wɔ legbawo le woawo ŋutɔ ƒe nunya nu. Wogblɔ tso dukɔ sia ŋu be wotsɔa amegbetɔ saa vɔe, eye wogbugbɔa nu na nyivilegbawo.


Azɔ medi be mianya be menye míaƒe dɔwɔna ɖeɖe tae mele nya siawo gblɔm o, ke boŋ ele bɔbɔe be mawu bubutɔ, Artemis subɔsubɔ dzi aɖe kpɔtɔ, eye madidi o la, Artemis si nye Mawu gã si wosubɔna le Asia nuto blibo la katã me kple xexeme godoo la ƒe ŋkɔ abu keŋ.”


“Mado nye asi ɖe Yuda kple ame siwo katã le Yerusalem la gbɔ. Maɖe nu siwo katã susɔ na Baal la ɖa le teƒe sia; maɖe trɔ̃nuawo kple nunɔla siwo gasubɔa trɔ̃ hã ƒe ŋkɔwo ɖa,


Eɖo nunɔla bubuwo ɖe wo teƒe eye nunɔla siawo do ŋusẽ ameawo be woasubɔ legbawo ɖe Mawu teƒe eye woasa vɔ na gbɔ̃ kple nyivi siwo wokpa kple ati tsɔ da ɖe togbɛawo dzi.


Wogbe Yehowa, woƒe Mawu ƒe sewo katã dzi wɔwɔ eye wololõ sika tsɔ wɔ nyivi eve. Woli aƒeli siwo nye ŋukpenanuwo eye wosubɔ Baal, ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo.


Ke megbã sikanyivi si nɔ Betel kple Dan ya o. Sikanyivi siawo nye Yeroboam, Nebat ƒe vi ƒe nu vɔ̃ elabena ehe Israel blibo la de nu vɔ̃ me.


Eɖo eŋu na wo be, “Mietsɔ mawu siwo mewɔ kple nye nunɔla dzoe. Nu kae gasusɔ ɖe asinye? Nu ka ŋutie miabiam be, ‘Nu kae le wɔwòm mahã?’ ”


Esi woxɔ Yeriko teti ko la, Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woatsa ŋku le Ai, si te ɖe Bet Aven le Betel ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.


Ɖe miebu be yewoate ŋu aɖu Yehowa ƒe fiaɖuƒe si nu David ƒe dzidzimevi aɖe le la dzia? Miaƒe aʋakɔ lolo zi eve abe tɔnye ene gake sikanyivi siwo Yeroboam wɔ na mi heyɔ wo be miaƒe mawuwo eye wole mia si la zu fiƒode na mi.


Wo katã wobɔbɔna hedea ta agu ɖekae, ke womete ŋu ɖe agba la ɖa o, eye woyi aboyome.


O Israel, migakpɔ dzidzɔ abe ame bubuwo ene o, elabena miegbe miaƒe Mawu la hesa vɔ na mawu bubuwo, eye mielɔ̃ gbolowo ƒe nunanawo le lugbɔƒe ɖe sia ɖe.


Gbe si gbe mahe to na Israel ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta la, gbe ma gbe kee matsrɔ̃ legba siwo katã le Betel. Woaŋe vɔ̃samlekpui la ƒe dzowo woage ɖe anyigba.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite